Daniel 10
10
Ɖeɖefia yeye.
1Le Persia-fia Kores ƒe ƒe etɔ̃lia me la woɖe nyaa ɖe fia Daniel, amesi ŋkɔ nye Beltsazar; nya la nye nyateƒe kple nuxaxa gã; elé nya la ɖe ta me, eye wole ŋku ɖe ŋutega la ŋu. 2Ɣemaɣi nye Daniel mexa nu kwasiɖa eta sɔŋ. 3Nyemeɖu nu vivia ɖeke o, la kple wein mede nu me nam o, eye nyemesi ami hã o, vaseɖe esime kwasiɖa etɔ̃awo ɖe. 4Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi la menɔ Xidekel tɔsisi gã la te 5Eye esi mefɔ kɔ dzi ɖo ŋku anyi la, kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe le awu ɣi me, eye sika nyuliɔ ƒe alidziblanu le ali nɛ. 6Eŋuti ɖi adzagba, eƒe mo le abe dzikedzo ene, eye eƒe ŋkutvo ɖi akakati, eƒe abɔwo kple afɔwo le abe ayawa, si le dzo dam ene, eye eƒe nuƒoƒo ƒe ɖiɖi le abe amehawo ƒe hoowɔwɔ ene. 7Nye Daniel ɖeɖekoe kpɔ ŋutega sia, ŋutsu, siwo le ŋunye la, mekpɔ ŋutega lã o, ke boŋ ŋɔdzi gãa ɖe lé wo, eye wosi, be woaɣla wo ɖokui.
8Eye nye ɖeka ko mesusɔ ɖi hafi kpɔ ŋutega gã sia, ŋusẽ vɔ le ŋunye, nye mo ƒe nyonyome trɔ ɖe ƒomevii, eye ŋusẽa ɖeke menɔ ŋunye o. 9Tete mese eƒe nuƒoƒo ƒe ɖiɖi; eye esi mese eƒe nuƒoƒo ƒe ɖiɖi la, ŋuzi tsɔm me tsyɔ mo anyi hetsɔ ŋku me bu anyigba. 10Kpɔ ɖa, asia ɖe va ka ŋunye, eye wòfɔm ɖe nye klo kple asi dzi. 11Eye wògblɔ nam bena: Wò Daniel, ame malɔ̃nugbɔa, lé to ɖe nya, si gblɔ ge, mala na wò la ŋu, eye natsi tre: ɖe tewòƒe, elabena azɔ wodɔm ɖe gbɔwò! Eye esi wògblɔ nya sia nam le metsi tre ɖi hele dzodzom nyanyanya. 12Eye wògblɔ nam bena: Daniel, megavɔ̃ o, elabena tso gbesigbe nẽdi tso dzi me be, yease nya gɔme, eye nètsi nu ɖɔ le wò Mawu ŋku me la, wose wò nyawo, eye wò nyawo, dzi mezɔ do va. 13Persia-flaɖuƒe la ƒe amegã nɔ te ɖe nunye ŋkeke blavevɔ ɖekɛ sɔŋ, eye Mixael, amegãwo ƒe tatɔwo dometɔ ɖeka, va xɔ nam, eye megblẽe ɖe Persia-fiawo gbɔ le gama. 14Eye meva, be magblɔ nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe wò dukɔ dzi emegbe la afia wò, elabena gbaɖegbe ŋu ŋutega la le ɖo.
15Eye esi wògblɔ nya siawo nam la, meɖe kɔ to, eye gbɔgblɔ bu ɖem. 16Eye nɔnɔmea ɖe, si ɖi amegbetɔvi la, ka asi nye nuyi ŋu, tete nye nu nu meƒo nu gblɔ na amesi tsi tre ɖe ŋgɔnye la bena: Nye Aƒetɔ, ŋutega la na dzidzi ƒom, eye ŋusẽ vɔ le ŋunye. 17Aleke nye aƒetɔ ƒe dɔla ate ŋu aƒo nu kple ame abe wo, nye aƒetɔ, ene? Elabena azɔ ŋusẽ vɔ le ŋunye, eye gbɔgbɔa ɖeke megale menye o. 18Tete nɔnɔme, si ɖi amegbetɔ la, gaka asi ŋunye, eye wodo ŋusẽm 19hegblɔ bena: Ame malɔ̃nugbɔa, megavɔ̃ o, ŋuwò nefa, sẽ ŋu, eye nalé dzi de ƒo! Eye esi wòƒo nu kplim, la, agbe do ŋunye, megblɔ bena: Nye aƒetɔ neƒo nu, elabena èdo ŋusẽm! 20Tete wògblɔ bena: Enye nusi ta meva gbɔwò doa? Azɔ magbugbɔ aɖawɔ ana kple Persia-amegã, eye ne medze la, ekema Hela-amegã le vava ge. 21Ke magblɔ nusi woŋlɔ ɖe nyateƒe-gbalẽ me la, na wò; amea ɖeke made dzinye ɖe wo ŋu o, negbe mlaƒe amegã Mixael ko.
Iliyochaguliwa sasa
Daniel 10: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili
Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: