رفتن به محتوا

Hawo ƒe ha 2

2
1Menye rosaseƒoƒo tso Saron;
dzogbenya le baliwo me.
Ŋutsu la
2Ale si dzogbenya nɔa aŋɔkawo me la,
nenema nye dzi lɔlɔ̃a
le nyɔnuviwo domee.
Nyɔnu la
3Ale si yevutɔti
nɔa atiwo dome le ave me la,
nenema nye dzi lɔlɔ̃a
le ɖekakpuiwo domee.
Menɔa eƒe vɔvɔli te le dziɖeɖi me,
eye eƒe kutsetsewo vivia nunye.
4Ekplɔm yi eƒe ame kpekpewo
ƒe nuɖuxɔ me,
eye lɔlɔ̃e nye eƒe aflaga le dzinye.
5Mitsɔ waintsetsebolo gbɔ agbem;
mitsɔ yevutɔ#2.5: YEVUTƆ: Atikutsetse aɖe si ɖi atɔ gake evivina wui. fa dzi nam,
elabe lɔlɔ̃ de dɔ lã me nam.
6Aa, ɖe wòatsɔ eƒe miasi ade nye ta te,
atsɔ eƒe nuɖusi akpla kɔ nam pɛ!
Ŋutsu la
7Yerusalem vinyɔnuviwo, meta sãde
kple zinɔ le gbe me na mi be:
Miganyɔ lɔlɔ̃ o;
migaʋuʋui hã o,
va se ɖe esime wòdze eya ŋutɔ ŋu hafi!
Ha Evelia
Nyɔnu la
8Nye dzi lɔlɔ̃a ƒe gbe ɖi mese ɖa!
Kpɔ ɖa, eya nye ekem gbɔna.
Ele kpo dzom le towo flɔm,
eye wòle kpo tim le togbɛwo flɔm.
9Nye dzi lɔlɔ̃a le abe sãde
alo zivi ene:
Kpɔ ɖa, eyae nye ekem le tsitre
ɖe míaƒe gli godo xoxo.
Ele nu kpɔm to fesre nu,
eye wòdo ŋku ɖa to adzrala nu.
10Nye dzi lɔlɔ̃a ƒo nu gblɔ nam be:
“Tso, nye dzi lɔlɔ̃a,
nye tugbewo ƒe tugbe, va mídzo!
11Elabe vuvɔŋɔli nu yi,
eye tsi ke.
12Seƒoƒowo wɔ nyuie le anyigba la dzi,
hadziɣi ɖo,
eye ahɔnɛwo ƒe xɔxlɔ̃
le ɖiɖim le míaƒe anyigba dzi.
13Gbotsetsewo de asi ɖiɖi me,
eye wainkawo ƒo se hele ʋeʋẽm lílilĩ.
Tso, nye dzi lɔlɔ̃a,
nye tugbewo ƒe tugbe, va mídzo!
14Ao, nye ahɔnɛ le kpeto me,
le agawo ƒe gogloƒe,
na makpɔ wò ŋkume,
na mase wò gbe;
elabe wò gbe vivina,
eye wò mo nyakpɔna.
15Milé abeiwo na mí,
milé suesuetɔwo hã.
Woawoe gblẽa nu le waingblewo me,
elabe míaƒe waingblewo ƒo se nyuie.”
Nyɔnu la
16Tɔnyee nye nye dzi lɔlɔ̃a,
eye nye hã menye etɔ.
Eya, ame si nyia eƒe lãha
le dzogbenyawo dome.
17Nye dzi lɔlɔ̃a, trɔ gbɔ
hafi anyinu nafa,
eye vɔvɔli nu nayi.
Wɔ abe sãde alo zivi
si le agakpewo dome le to tsakliwo dzi ene.