EKLESIASTIKO 37
37
Xɔlɔ̃ alakpatɔwo
1Xɔlɔ̃ ɖe sia ɖe gblɔna be: “Nye hã menye ame aɖe xɔlɔ̃.”
Gake xɔlɔ̃ aɖewo la, xɔlɔ̃ ŋkɔ koe le wo ŋu dzro.
2Ne xɔlɔ̃ lɔlɔ̃a trɔ zu futɔ la,
ɖe mesɔ kple nuxaxa si ku hena vɛ la oa?
3O nuvɔ̃ɖi susu sesẽ si hea ame, nu ka ta wowɔ wò
be nàtsyɔ anyigba la dzi kple beble?
4Zɔhɛ aɖewo tsoa aseye le xɔlɔ̃ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu;
ke le fukpeɣi la, wotsia tre ɖe eŋuti.
5Evelia aɖewo kpena ɖe wo xɔlɔ̃ ŋu le woƒe ƒodo ta,
evɔ le aʋa me la, woawoe axɔ eƒe akpoxɔnu le esi.
6Mègaŋlɔ xɔ̃wò be le aʋaŋɔli* o,
eye mègagbe ŋkuɖoɖo edzi, ne èle aboyonuwo mam o.
Nuxɔxlɔ̃ le aɖaŋuɖoɖoxɔxɔ ŋuti
7Aɖaŋuɖolawo katã kafua aɖaŋu si woɖona la,
gake ɖewo ɖoa aɖaŋu le nu si anyo na woawo ŋutɔ la ŋu.
8Nɔ ŋudzɔ ɖe aɖaŋuɖola ŋu,
eye nàsrɔ̃ nu si doa dzidzɔ nɛ la gbã,
elabe abu tame le eya ŋutɔ ɖokui ŋu.
Ate ŋu adzidze nu ɖe ŋuwò,
9eye wòagblɔ na wò be: “Wò mɔ la nyo,”
eye wòaɖatsi tsitre ɖe adzɔge
be yeakpɔ nu si adzɔ ɖe dziwò la ɖa.
10Mègabia aɖaŋuɖoɖo tso ame si bua naza ɖe ŋuwò la si o;
ɣla wò tameɖoɖowo ɖe ame siwo ʋãa ŋu wò la.
11Mègabia aɖaŋuɖoɖo tso nyɔnu gbɔ le eƒe atsusi ŋu loo,
alo tso vɔvɔ̃nɔtɔ gbɔ le aʋawɔwɔ ŋu o;
tso asitsala gbɔ le dɔwɔna ŋu loo,
alo tso nuƒlela gbɔ le nudzadzra ŋu o;
tso nuvela gbɔ le dɔmenyowɔwɔ ŋu loo,
alo tso nublanuimakpɔla gbɔ le dɔmenyo ŋu o;
tso kuviatɔ gbɔ le dɔ aɖe wɔwɔ ŋu loo,
alo tso apaɖila gbɔ tso eƒe dɔnuwuwu ŋu o;
alo tso subɔla kuviatɔ gbɔ le dɔ gã aɖe wɔwɔ ŋu o.
Ne woɖo aɖaŋu aɖe la, mègaxɔe na wo o.
12Gake de ha kple mawuvɔ̃la,
ame si nènya be enye sededeawo dzi wɔla,
ame si ƒe susu le abe tɔwò ene,
eye wòase veve kpli wò, ne nu medze edzi na wò o.
13Gawu la, lé to ɖe wò ŋutɔ wò dzi ƒe aɖaŋuɖoɖo ŋu,
elabe ame aɖeke mawɔ nuteƒe na wò wu eyama o.
14Elabe ɣe aɖewo ɣi, míawo ŋutɔ míaƒe susu naa nyanya mí tso nu ŋuti nyuie wu
gbetakpɔla adrẽ siwo bɔbɔ nɔ anyi ɖe gbetakpɔxɔ me ɖaa.
15Gake ƒo wo katã ta la, do gbe ɖa na Dziƒoʋĩtɔ la,
be wòafia wò mɔ wò le nyateƒe me.
Nunya kple dzideƒo
16Numedzodzro dzea dɔ ɖe sia ɖe wɔwɔ gɔme,
eye aɖaŋuɖoɖo doa ŋgɔ na nu sia nu wɔwɔ.
17Susue nye nɔnɔme ɖe sia ɖe ƒe kè;
18edze alɔ ene:
nyui kple vɔ̃, agbe kple ku
eye aɖee nye ŋutinu si ɖua wo dzi enuenu.
19Ame aɖewo ƒe susu me ate ŋu akɔ̀ ale gbegbe
be woafia nu ame geɖewo,
gake womanye viɖe aɖeke na woawo ŋutɔ ɖokui o.
20Woate ŋu atsri nuƒola si bi le nuƒo me;
nuɖuɖu aɖeke manɔ esi o,
21elabe Aƒetɔ la tè amehehe ɖe ŋui ƒe nunana eyama,
esi nunya aɖeke mele esi o ta.
22Ne ame aɖe ƒe nunya ɖea vi na eya ɖeɖe la,
susu nyui si le esi la ƒe kutsetsewo adze kafukafu.*
23Ame si nya nu la fiaa nu eya ŋutɔ ƒe amewo,
eye susu nyui si le esi la ƒe kutsetsewo anɔ anyi ɖaa.
24Ame si nya nu la woakafui ale gbegbe,
eye ame siwo katã akpɔe la, agblɔ be woyra eyama loo!
25Woxlẽ ŋkeke si gbetɔ anɔ agbe;
ke xexlẽme mele Israel-dukɔ ya ƒe ŋkekewo ŋu o.
26Ame si nye nunyala le eƒe amewo dome la
anyi bubu* ƒe dome, eye eŋkɔ anɔ anyi tegbee.
Ɖokuidziɖuɖu le nuɖuɖu dzroame ŋu
27Vinye, do ɖokuiwò kpɔ le agbe me;
nya nu si menyo na wò o la, eye mègana wòaɖu dziwò o.
28Elabe menye nu sia nue nyo na ame sia ame o,
eye ame aɖeke medzɔa dzi le nu sia nu ŋuti o.
29Mègaklẽ ŋu be yeaɖu nuɖuɖu nyui ɖe sia ɖe o,
eye mègaɖu naneke ɖokuidzimaɖutɔe o.
30Elabe nuɖuɖu fũu akpa hea dɔléle vɛ,
eye nu tsu ɖuɖu hea nututru vɛ.
31Nu tsu ɖuɖu wu ame geɖewo,
gake ame si ɖɔa ŋu ɖo le eŋu la didia eƒe agbe ɖe edzi.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.