رفتن به محتوا

EKLESIASTIKO 32

32
1Ne wowɔ wò amegãe le nuɖukplɔ̃
si ŋu wokpe ame geɖewo vɛ la, mègado ɖokuiwò ɖe dzi o.
Nɔ wo dome abe wo dometɔ ɖeka ko ene.
Kpɔ wo gbɔ gbã, eye nàbɔbɔ nɔ anyi.
2Ne èwɔ wò dɔdeasiwo katã vɔ la, bɔbɔ nɔ anyi ɖe nɔwòƒe
ale be nàte ŋu akpɔ dzidzɔ kpli wo,
eye woakafu wò le wò amekpɔkplɔ nyui la ta.
3Ƒo nu, wòe nye tsitsia, elabe enye wò nuwɔna si le eteƒe,
gake nàgblɔ nu si nèdze sii tututu la ko, eye mègagblẽ hadzidziawo me o.
4Afi si wole modzakaɖewɔna aɖe wɔm le la, mègaƒo nu ɖe eme o.
Mègaɖe wò zazã le susu me fia le ɣeyiɣi si medze o la me o.
5Kpe xɔasi dzĩ si wolé ɖe sika dzi la
sɔ kple hadzimodzakaɖeɖe
le wain noƒe afi si wokpe amewo ɖo.
6Kpe xɔasi gbemu si wolé ɖe sika dzi la
sɔ kple hadzigbe vivi si ɖina le wain nyuitɔ noƒe.
7Ƒo nu, wòe nye ɖekakpuia, ne wohiã wò,
gake menye wu zi eve o, ne wobia tso asiwò hafi.
8Nàƒo nu kpuie; gblɔ nya si tututu le asiwò la,
kple nya ʋɛ aɖewo ko.
Nàwɔ abe ame si nya nu fũu, eye wòate ŋu agalé eɖokui ene.
9Le amegãwo dome la, mègawɔ nu abe ɖe miesɔ ene o,
eye ne ame aɖe le nu ƒom la, mègaƒo nu ɖe eme nyamanyama o.
10Dzikedzo doa ŋgɔ na dziɖegbe;
nenema ke afi si ame si mewɔa nu yakayaka o,
do ɖo la, amewo kpɔa ŋudzedze le eŋu.
11Dzo le teƒe la le ɣeyiɣi nyuitɔ me; mèganye mlɔetɔ o.
Yi aƒeme kaba eye mègahe wò dzodzo ɖe megbe o.
12Do dzidzɔ na ɖokuiwò ŋu le afi ma abe ale si wò dzi di la ene,
gake mègawɔ nuvɔ̃ to nuƒoƒo dàdatɔe me o.
13Ke ƒo esiawo katã ta la, da akpe na Wɔwòla
ame si yɔ wò taŋ kple nunana nyuiwo.
Se la me ɖeɖe
14Ame si dia Mawu la, alɔ̃ axɔ eƒe hehe,
eye ame siwo fɔna kaba be yewoadii la, woave wo nu.
15Ame si ke dia se la la, se la ayɔ eyama taŋ,
gake alakpatɔ ya aklii adze anyi.
16Ame siwo vɔ̃a Aƒetɔ la la, woadrɔ̃ ʋɔnu si le eteƒe,
eye woana dɔwɔwɔ dzɔdzɔe naklẽ abe kekeli ene.
17Nu vɔ̃ wɔla agbe mokaname
eye wòawɔ susu le eya ŋutɔ ƒe didi nu.
18Ame si si susu le la magbe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ o,
gake ame mabuame, dàdala la, vɔvɔ̃ maɖo asi edzi o.
19Mègawɔ naneke ne mebu eŋu nyuie o,
eye ne èwɔ nane la, megave wò be yewɔe o.
20Mègato mɔ si dzi ŋɔdzinuwo le fũu la o,
eye mègakli mɔxenu ɖeka zi eve o.
21Mègaka ɖe ɖokuiwò dzi akpa le mɔ sɔsɔe* dzi o;
22ɖɔ ŋu ɖo le wò mɔwo dzi.
23Dzɔ ɖokuiwò ŋu le nuwɔna ɖe sia ɖe me,
elabe esiae nye sededeawo dzi wɔwɔ.
24Ame si wɔa sea dzi la kpɔa eya ŋutɔ ɖokui ta,*
eye ame si ɖoa dzi ɖe Aƒetɔ la ŋu la,
maɖu agba o.