EKLESIASTIKO 28
28
1Ne èbia hlɔ̃ ame aɖe la, Aƒetɔ la abia hlɔ̃ wò hã,
elabe ewɔ akɔnta tsitotsito ɖe wò nuvɔ̃wo ŋu ɖi.
2 #
Mat 6.14; Mar 11.25. Tsɔ hawòvi ƒe nu gbegblẽ si wòwɔ la kee,
ekema woatsɔ wò hã wò nuvɔ̃wo ake wò, ne èdo gbe ɖa.
3Ɖe ame aɖe lé dziku ɖe dzime ɖe ame bubu ŋu,
eye wòle mɔ kpɔm na dɔyɔyɔ tso Aƒetɔ la gbɔa?
4Ne ame aɖe mekpɔ nublanui na ame bubu abe eɖokui ene o ɖe,
ɖe wòate ŋu adi tsɔtsɔke na eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃woa?
5Ne gbetɔ, si kuna dzro, lé dɔmedzoe ɖi ɖe,
ame kae asa vɔ ɖe eƒe nuvɔ̃wo ta atsɔ alé avu nɛ?
6Ɖo ŋku wò agbe ƒe nuwuwu dzi, eye nàɖe fuléle ɖa;
ɖo ŋku ŋutilã ƒe nyunyɔ kple ku dzi, eye nàwɔ sededeawo dzi pɛpɛpɛ.
7Ɖo ŋku sededeawo dzi, eye mègado dziku ɖe hawòvi ŋuti o;
ɖo ŋku Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nubabla la dzi, eye nàŋe aɖaba aƒu vodadawo dzi.
Nyaʋiʋli kple amewo
8Dzudzɔ dzrewɔwɔ eye wò nuvɔ̃wo anɔ ʋɛ;
elabe dɔmedzoetɔe ƒoa avu ɖo;
9nuvɔ̃wɔla tɔtɔa xɔlɔ̃wɔwɔ me,
eye wòƒãa ame nɔewo gɔmemasemase ɖe ame siwo le ŋutifafa me la dome.
10Dzodonu ƒe agbɔsɔsɔ nue dzo xɔna ɖo,
eye kɔlialia ƒe sesẽ nue avuwɔwɔ asẽ ŋu ɖo;
ame ƒe ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ nue eƒe dziku anɔ,
eye ame ƒe kesinɔnu ƒe agbɔsɔsɔ nue eƒe dɔmedzoe asẽ ŋu ɖe edzi ɖo.
11Dzrewɔwɔ le dzitsitsi me nana be dzre flana,
eye nyaʋiʋli le dzitsitsi me kɔa ʋu ɖi.
12Ne èɖo ƒuƒu ɖe dzoka sue aɖe la, axɔ;
ne èɖe tá ɖe edzi la, atsi,
evɔ la, wo kple eve la siaa do tso wò nu me.
Nuƒoƒo si gblẽa nu
13 #
Sir 51.2-6; Yak 3.5-12. Do ɖiŋu na sakplitɔ kple aɖeeveetɔ,
elabe woawoe gblẽa ame geɖewo ƒe ŋutifafa me.
14Ameŋugbegblẽ ʋuʋu ame geɖe,
eye wòkaka wo tso dukɔ me yi dukɔ me.
Etsrɔ̃ du sesẽwo eye wòtrɔ amegãwo ƒe aƒe tsyɔ anyi.
15Ameŋugbegblẽ nyà nyɔnu ɖɔʋuwo ɖa tso woƒe aƒewo me,
eye woxɔ woƒe agbagbadzedze ƒe metsonu le wo si.
16Ame siwo tsɔa ɖe le ameŋugblẽnya me la makpɔ gbɔdzɔe,
alo anɔ anyi le ŋutifafa me o.
17Ameƒoti nana be ame ƒe ŋuti doa ʋusra,
gake aɖe ƒe ameƒoƒo gbãa ƒuwo.
18Ame geɖewo tsi yi nu heku;
ke womesɔ gbɔ de ame siwo tsi aɖe si me la nu o.
19Woyra ame si ta woʋli tso esi me,
ame si menya eƒe dziku o,
ame si metsɔ eƒe kɔkuti o,
eye womede eƒe kɔsɔkɔsɔe o.
20Elabe eƒe kɔkuti nye ga yibɔ kɔkuti,
eye eƒe kɔsɔkɔsɔ nye akɔblikɔsɔkɔsɔ.
21Eƒe ku nye ku vɔ̃ɖi,
eye tsiẽƒe nyo wui.
22Ŋusẽ aɖeke mele esi ɖe mawuvɔ̃lawo dzi o;
eƒe dzo mafiã wo o.
23Ame siwo gble Aƒetɔ la ɖi la, woawoe anɔ eƒe ŋusẽ te;
anɔ bibim le wo dome abe dzo ene eye womatsii o.
Woadɔe ɖe wo ŋu abe dzata ene;
abe lãkle ene, avuvu wo ʋayaʋaya.
24Abe ale si nètɔa ŋukpɔ ƒoa xlã wò nunɔamesiwo ene la,
nenemae nàde ʋɔtru kple gameti wò nu ŋui.
25Abe ale si nètua nu ɖe wò sika kple klosalo nui ene la,
nenemae nàdi nudanu na wò nyawoe.
26Kpɔ nyuie be màgada vo kple wò aɖe,
ne nàzu nuléle na ame si de xa ɖi la o.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.