EKLESIASTIKO 26
26
1Woyra srɔ̃ŋutsu si si srɔ̃nyɔnu nyuitɔ le la;
woadzi eƒe ŋkekewo ƒe xexelẽme ɖe edzi zigbɔzi eve.
2Srɔ̃nyɔnu nuteƒewɔla hea dzidzɔkpɔkpɔ vɛ na srɔ̃a,
eye eya awu eƒe agbenɔƒewo nu le ŋutifafa me.
3Srɔ̃nyɔnu nyuitɔ nye yayra gã;
woana eya hã nanɔ ŋutsu si vɔ̃a Aƒetɔ la ƒe yayrawo dome.
4Ne ŋutsua nye kesinɔtɔ alo ame dahe hã la,
ŋutsua ƒe dzi dzea eme eye dzidzɔ nɔa mo nɛ ɣeawo katã ɣi.
5Nu etɔ̃e doa vɔvɔ̃ na nye dzi,
eye enelia la, mevɔ̃nɛ ŋutɔŋutɔ:
Ameŋugbegblẽ le du me, zitɔtɔ
kple aʋatsokaka ɖe ame si; nu siawo katã vɔ̃ɖi wu ku.
6Gake enye dziveame kple nuxaxa, ne srɔ̃nyɔnu le ŋu ʋãm atsusia,
eye egbɔgblɔ kple dziku wɔe be amewo katã nanya.
7Srɔ̃nyɔnu maɖɔʋu nye kɔkuti masɔmasɔ;
eléle le abe dziɖegbeléle ene.
8Srɔ̃nyɔnu ahanomunɔ hea dziku gã vɛ;
mate ŋu aɣla ŋukpe o.
9Srɔ̃nyɔnu ƒe amekpɔkpɔ dàdatɔe ɖea eƒe gbegblẽ ɖe go;
eƒe aɖaba wɔnɛ wodzea sii.
10Wò ŋku nenɔ vinyɔnu masetonu ŋu kple ŋkubiã;
ne menye nenema o la, ne ekpɔ ablɔɖe la, awɔ eŋudɔ.
11Nɔ ŋudzɔ nàtsi tre ɖe eƒe dàdaŋku ŋu,
eye megawɔ mo yaa na wò, ne ewɔ vɔ̃ ɖe ŋuwò o.
12Ale si mɔzɔla si tsikɔ wu ʋuu la kea nu me,
eye wònoa tsi ɖe sia ɖe si te ɖe eŋui la,
nenemae vinyɔnu la adze ŋe na ŋutsu ɖe sia ɖe
be wòadɔ kplii.
13Srɔ̃nyɔnu si trɔ asi le eɖokui ŋu wònyale kpɔkpɔm la doa dzidzɔ na srɔ̃a,
eye eƒe aɖaŋu nana be srɔ̃a kpɔa lã me.
14Srɔ̃nyɔnu maƒonu nye nunana tso Aƒetɔ la gbɔ,
eye naneke mexɔ asi de eƒe ɖokuidziɖuɖu nu o.
15Srɔ̃nyɔnu ɖɔʋu trɔa asi le eɖokui ŋu wònyakpɔna ganyakpɔna,
eye eƒe ŋutsu bubu gbɔ mademade ƒe asixɔxɔ la, nudanu aɖeke mate ŋu adae o.
16Abe ale si ɣe dzena le teƒe kɔkɔwo tso Aƒetɔ la gbɔ ene la,
nenemae nye srɔ̃nyɔnu nyui ƒe tugbedzedze le eƒe aƒe si le ɖoɖo nu la me.
17Abe akaɖi si le keklẽm le akaɖiti kɔkɔe la dzi ene la,
nenemae mo si nyale kpɔkpɔm la le, le ame si dzɔ ame la nui.
18Abe sikasɔti le klosalogɔmeɖoɖo dzi ene la,
nenemae ata siwo sɔ le nɔnɔme nyui nu le, kple afɔ siwo sɔ anyi le ete la le.
Gɔmeɖeɖe xoxo bubu aɖewo kpe kpukpui 19 - 27 ɖe eŋu be:
19[Vinye, lé be na wò ɖekadzedze le ɖekakpuime,
eye mègaɖe mɔ ame aɖeke nayɔ viwò be ye tɔ o.
20Di agbledeƒe wɔnu le anyigba gbadza bliboa dzi,
eye nàƒã wò ŋutɔ wò nuku ɖe edzi,
esi nèka ɖe wò ku nyui la dzi ta.
21Ale wò dzidzimeviwo akpɔ dzidzedze,
eye esi dzideƒo le wo si le wo tɔgbuiwo ŋui ta la,
woatsi azu ame ŋkutawo.
22Wobua gbolo abe taɖeɖe ene,
eye wobua nyɔnu srɔ̃tɔ abe ku ƒe xɔ tsrala na eƒe ahiãviwo ene.
23Wotsɔa srɔ̃nyɔnu mawumavɔ̃la naa ŋutsu sedzidala abe eƒe gome ene;
ke wotsɔa srɔ̃nyɔnu mawuvɔ̃la ya naa ŋutsu si vɔ̃a Aƒetɔ la.
24Nyɔnu si ŋu mekpena o la wɔa nu ŋukpenatɔe edziedzi;
gake vinyɔnu si léa be na eɖokui la, tɔtɔna gɔ̃ le srɔ̃a ŋkume.
25Wobua srɔ̃nyɔnu sẽto abe avu ene,
gake esi ŋukpe le mo na la avɔ̃ Aƒetɔ la.
26Srɔ̃nyɔnu si dea bubu srɔ̃a ŋu la adze nunyalae le amewo katã ŋkume,
gake ne medea bubu eŋu o, le dàda ta la,
amewo katã adze sii be mawumavɔ̃la wònye.
Woyra srɔ̃ŋutsu si si srɔ̃nyɔnu nyui le,
elabe ŋutsua ƒe agbenɔƒewo ƒe xexlẽme adzi ɖe edzi zigbɔzi eve.
27Srɔ̃nyɔnu gbesesẽtɔ, nu kpoloe ƒola
le abe kpẽ si wokuna ɖea gbe hena aʋadzedze ene.
Ŋutsu ɖe sia ɖe si ɖe mɔ na nyɔnu sia tɔgbe la,
anɔ agbe si tɔtɔ abe aʋa me ene.]
Ŋkuléle ɖe nu siwo hea nuxaxa vɛ la dometɔ aɖewo ŋu
28Nye dzi xaa nu le nu eve ŋu,
eye etɔ̃lia nana be medoa dziku:
kesinɔtɔ si va zu ame ahe,
ŋutsu susukɔkɔtɔ siwo amewo mebuna o,
kple ŋutsu si trɔ tso nu dzɔdzɔe wɔwɔ gbɔ ɖe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu -
Aƒetɔ la ana wòaku ku kpata!
29Asesẽ ŋutɔ hafi adzɔdola nagbe nu gbegblẽ wɔwɔ,
alo woatso afia na asitsala be meɖi fɔ o.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.