رفتن به محتوا

EKLESIASTIKO 1

1
Ŋgɔdonya
Wofia nu geɖewo mí to Se la kple Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbalẽwo kpakple agbalẽ bubu siwo kplɔ wo ɖo emegbe la dzi, eye ele be míakafu Israel-dukɔ la le afɔɖoƒefiafia kple nunya si le agbalẽawo me la ta. Azɔ la, mele be ame siwo xlẽa mawunyaawo la nase wo gɔme na wo ɖokui ɖeɖe ko o, ke boŋ abe ame siwo lɔ̃ nunya ene la, woate ŋu ato nya si wogblɔ kple nya si woŋlɔ la dzi akpe ɖe egodonɔlawo siwo menye Yudatɔwo o la hã ŋuti. Ale tɔgbuinye Yesu, ame si ɖe asi le eɖokui ŋu, vevietɔ na Se la, Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbalẽwo kple mía tɔgbuiwo ƒe agbalẽ bubuwo xexlẽ la, nya nu deto geɖe tso agbalẽawo me. Ale eya ŋutɔ hã va ŋlɔ nu ku ɖe afɔɖoƒefiafia kple nunya ŋu. Esia wɔe be to nunyanya nyuie tso eƒe agbalẽa ŋu me hã la, ame siwo lɔ̃ nusɔsrɔ̃ la nate ŋu aɖe zɔ ayi ŋgɔ wu le agbenɔnɔ ɖe sea nu me.
Eya ta míekpe wò be nàxlẽ agbalẽa kple lɔlɔ̃nu nyui ŋuɖɔɖotɔe eye, togbɔ be míeku kutri le gɔmeɖeɖeawo me hã la, adze be afi siwo míete ŋu ɖe nyagbe aɖewo gɔme nyuie wode blibo le o la, nàse wo me na mí nenema ko. Elabe nu si wogblɔ gbã ɖe Hebri-gbea me la, susua meganɔna nenemaa tututu, ne woɖe egɔme ɖe gbe bubu me o. Menye agbalẽ sia me ko wòle alea le o, ke boŋ le Sea ŋutɔ, Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbalẽwo kple agbalẽ bubu mamlɛawo me gɔ̃ hã la, vovototo gã ŋutɔ nɔa susuawo me godoo, ne woxlẽ esi le gɔmedzetɔa me.
Esi meva Egipte le Yurgetes ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè bla etɔ̃ vɔ enyilia me, eye menɔ anyi ʋɛ la, mɔnukpɔkpɔ su asinye nyuie na afɔɖoƒefiafia. (Mekpɔ nuŋɔŋlɔ aɖe si fia afɔɖoƒe geɖem). Edze nam kɔtɛe be ele be nye ŋutɔ hã madi ɣeyiɣi koŋ aku kutri, eye maɖe agbalẽ sia gɔme. Le ɣe ma ɣi me la, mewɔ nye aɖaŋu ŋudɔ zã kple keli, be mawu agbalẽa nu eye woatae na ame siwo le dukɔ bubuwo me, le nu dim be yewoasrɔ̃, eye wodzra ɖo be yewoanɔ agbe ɖe sea nu la.