Nyaɖeɖefia, si woɖe fia Yohanes 7
7
Ame 144,000 siwo wotia le Israel
1 #
Yer 49.36; Dan 7.2; Zax 6.5. Esia megbe la, mekpɔ mawudɔla ene, siwo le tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi. Woxe mɔ na anyigbadziya eneawo be womagaƒo le anyigba alo atsiaƒu dzi alo le ati aɖeke me o. 2Azɔ megakpɔ mawudɔla bubu do tso ɣedzeƒe gbɔna, eye Mawu gbagbe la ƒe dzesidenu la le esi. Mawudɔla sia do ɣli sesĩe ɖo ɖe mawudɔla ene, siwo woɖe mɔ na be woawɔ nu vevi anyigba kple atsiaƒu la 3#Xez 9.4, 6. gblɔ be: “Migawɔ nu vevi anyigba, atsiaƒu alo atiwo o, va se ɖe esime míatsɔ nutrenu la ade dzesi ŋgonu na míaƒe Mawu la ƒe dɔlawo gbɔ.” 4Tete woyɔ ame siwo wode dzesii kple nutrenuawo tso Israel ƒe toawo katã me la ƒe xexlẽme mese. Eyae nye ame akpe alafa ɖeka bla ene vɔ ene.
5Le Yuda ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve;
le Ruben ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve;
le Gad ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve;
6le Aser ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve;
le Naftali ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve;
le Manase ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve;
7le Simeon ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve;
le Levi ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve;
le Isaxar ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve;
8le Zebulon ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve;
le Yosef ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve, eye
le Benyamin ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve.
Ameha gã la
9Esia megbe la, mekpɔ ameha gã aɖe, si ame aɖeke mate ŋu axlẽ o la. Wotso amegbetɔƒomea katã me. Wotso to sia to, dukɔ sia dukɔ kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, eye wodze ŋgɔ fiazikpui la kple Alẽvi la. Wo katã wodo awu ɣi ʋlaya, eye wolé deʋayawo ɖe asi. 10Wole gbɔgblɔm kple ɣli sesĩe be: “Mía Mawu si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi kple Alẽvi la koe xɔa ame ɖe agbe!” 11Mawudɔlawo katã tsi tsitre ƒo xlã fiazikpui la kple ametsitsiawo kpakple nugbagbe eneawo, eye wo katã wotsyɔ mo anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ, hesubɔ Mawu 12gblɔ be: “Amen! Kafukafu, ŋutikɔkɔe, nunya, akpedada, bubu, ŋusẽ kple ŋutete nanye mía Mawu la tɔ tso mavɔ me yi mavɔ me! Amen!”
13Ame tsitsiawo dometɔ ɖeka biam se be: “Ame kawoe nye esiawo le awu ɣi ʋlaya me? Afi ka wotso?” 14#Dan 12.1; Mat 24.21; Mar 13.19. Meɖo eŋu be: “Nye Aƒetɔ, nyemenya o. Wòa ènya.”
Egblɔ nam be: “Woawoe nye ame siwo to fukpekpe dziŋɔ la me do dedie. Wonya woƒe awuwo, wofu tititi le Alẽvi la ƒe ʋu me.
15Eya tae wole tsitre ɖe Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ
le eƒe gbedoxɔ me le esubɔm zã kple keli.
Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi la,
ana woanɔ dedie le eŋkume.
16 #
Yes 49.10. Dɔ alo tsikɔ megale wo wu ge akpɔ o.
Ɣe alo ŋdɔkutsu megale wo ɖu ge akpɔ o.
17 #
Ps 23.1; Xez 34.23;
Ps 23.2; Yes 49.10;
Yes 25.8. Alẽvi si le fiazikpui la titina la nye wo kplɔla.
Akplɔ wo ayi afi si tsi si naa agbe le dzidzim le la,
eye Mawu atutu aɖatsi le ŋkume na wo.”
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.