Nyaɖeɖefia, si woɖe fia Yohanes 3
3
Gbedeasi na Sardis-hame la
1 “Ŋlɔ nya sia ɖo ɖe Sardis-hamea ƒe mawudɔla be: Ame si si Mawu ƒe gbɔgbɔ adrẽawo kple ɣletivi adrẽawo le la ƒe nyae nye esi be:
‘Menya dɔ si nèwɔ. Menya be èxɔ ŋkɔ be yele agbe, gake kpɔ ɖa, èku. 2Nyɔ ne nàdo ŋusẽ nu si susɔ si be yeaku hafi la. Elabe mekpɔ be wò dɔwɔwɔwo mede blibo le nye Mawu ŋkume o. 3#Mat 24.43, 44; Luk 12.39, 40; Nyaɖ 16.15. Eya ta ɖo ŋku nu si wofia wò kple nu si nèse la dzi. Lé wo me ɖe asi, eye nàtrɔ dzime, elabe mèle ɣeyiɣi si mele gbɔwò va ge la nya ge o. Ne mèle ŋudzɔ o la, mava do ɖe dziwò abe fiafitɔ ene. 4Ke ame ʋɛ aɖewo susɔ ɖe Sardis, ame siwo meƒo ɖi woƒe awuwo o. Woawo anɔ awu ɣi me azɔ kplim, elabe woawoe dze. 5#Mos II, 32.32, 33; Ps 69.28; Nyaɖ 20.12; Mat 10.32; Luk 12.8. Ame si ɖu dzi la, woado awu ɣi nɛ nenema ke, eye nyematutu eƒe ŋkɔ ɖa le agbenɔlawo ƒe agbalẽ la me o. Maʋu eyama me le Tɔ́nye kple eƒe mawudɔlawo ŋkume kɔtɛe be enye tɔnye.’ 6“Ame si to li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.
Gbedeasi na Filadelfia-hame la
7 #
Yes 22.22; Hiob 12.14. “Ŋlɔ nya sia ɖo ɖe Filadelfia-hamea ƒe mawudɔla be: Ame sia nye kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ si si David ƒe safuiwo le, ne eʋu ʋɔ la, ame aɖeke mate ŋu atui o; ne etui la, ame aɖeke mete ŋu ʋunɛ o. Eyae le gbɔgblɔm be:
8 ‘Menya dɔ si nèwɔ. Kpɔ ɖa, meɖo ʋɔtru si le ʋuʋu ɖi la ŋgɔwò si ame aɖeke mate ŋu atu o. Elabe togbɔ be ŋusẽ sue aɖe koe le asiwò hã la, èlé nye nya la me ɖe asi, eye mègbe nu le gbɔnye o. 9#Yes 49.23; 60.14; Yes 43.4. Kpɔ ɖa, ame aɖewo li, siwo nye Satana ƒe ƒuƒoƒometɔwo. Ame siawo gblɔna be Yudatɔwo yewonye, evɔ la, womenye Yudatɔwo o; aʋatso kam wole. Kpɔ ɖa, woava dze klo ɖe wò afɔnu, eye wo katã woadze sii be melɔ̃ wò. 10Esi nèwɔ nye nya dzi, do dzi hekpe fu ta la, nye hã maɖe wò tso dodokpɔ sesẽ si le xexea me katã dzi va ge, eye woado anyigbadzinɔlawo katã akpɔ la me. 11Megbɔna. Lé nu si le asiwò la sesĩe, bene ame aɖeke nagaxɔ wò fiakuku la le asiwò o. 12#Nyaɖ 21.2; Yes 62.2; 65.15. Ame si ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye Mawu ƒe gbedoxɔ me. Anɔ afi ma tegbee, eye magado le eme akpɔ o. Maŋlɔ nye Mawu ŋkɔ kple nye Mawu ƒe du si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo nye Mawu gbɔ la ƒe ŋkɔ ɖe eŋu. Maŋlɔ nye ŋutɔ nye ŋkɔ yeye la hã ɖe eŋu.’
13 “Ame si to li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.
Gbedeasi na Laodikea-hame la
14 #
Lod 8.22. “Ŋlɔ nya sia ɖo ɖe Laodikea-hamea ƒe mawudɔla be: Ame si nye Amen, nuteƒewɔla kple ɖaseɖila nyateƒetɔ, ame si nye nu siwo Mawu wɔ la ƒe dzɔtsoƒe ƒe nyae nye esi be:
15 ‘Menya dɔ si nèwɔ. Mèfa o; mèxɔ dzo hã o. Medi be nàfa alo nàxɔ dzo. 16Ke esi nèle yɔyrɔe: mèfa o, eye mèxɔ dzo hã o ta la, matu wò aƒu gbe tso nye nu me. 17Ègblɔna be: Kesinɔtɔ menye, nu le asinye eye nyemehiã naneke o. Ke mèdze sii be hiãtɔ, nublanuitɔ, ame dahe, ŋkuagbãtɔ kple ame si le amama lae yenye o. 18Mele aɖaŋu ɖom na wò be nàƒle sika nyuitɔ, si wololo le dzo me le asinye be nàzu kesinɔtɔ. Ƒle avɔ ɣi hã nàta be wò ŋukpeƒe nagadze o. Ƒle ŋkutike nàsi ɖe wò ŋku dzi ne nàkpɔ nu. 19#Lod 3.12; Heb 12.6. Ame siwo melɔ̃ la, woawoe mekaa mo na, eye woawo hãe mehea to na. Eya ta wɔ kaba nàtrɔ dzime. 20Kpɔ ɖa, mele tsitre ɖe ʋɔa nu le eƒom. Ne ame aɖe se nye gbe, eye wòʋu ʋɔa la, mage ɖe eme le egbɔ. Nye kplii míade asi agba ɖeka me aɖu nu. 21Ame si ɖu dzi la, mana wòanɔ axanye le nye fiazikpui la dzi abe ale si nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ Tɔ́nye xa le eƒe fiazikpui dzii ene.’ 22“Ame si to li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.”
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.