رفتن به محتوا

Psalmowo 80

80
Gbedodoɖa hena dukɔ la gbugbɔɖoɖo te
(Na hadzihakplɔla. Woatsɔ “Dzogbenya” ƒe gbeɖiɖi adzii. Asaf ƒe ɖaseɖiɖi. Hadzidzi)
1 # Mos II, 25.22. Wò Israel Kplɔla, ɖo to mí.
Wò si kplɔa Yosef ƒe dzidzimeviwo
abe alẽha ene;
wò si bɔbɔ nɔ kerubiwo dzi,
klẽ.
2Ɖe ɖokuiwò fia Efrayim, Benyamin
kple Manase.
Ʋuʋu wò ŋusẽ,
eye nàva xɔ na mí!
3Mawu, gaɖo mí te.
Na wò mo naklẽ,
ale be woaxɔ na mí.
4O Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla,
va se ɖe ɣe ka ɣi nàdo dziku ɖe wò dukɔ
ƒe gbedodoɖa ŋu?
5Wòe na aɖatsibolo wo woɖu,
eye nèdzidze aɖatsi na wo
wòyɔ banaa wono.
6Èwɔ mí míenye fewuɖunu
na míaƒe aƒelikawo,
eye míaƒe futɔwo le nu kom
le wo nɔewo dome.
7Mawu, Aʋakɔwokplɔla, gaɖo mí te.
Na wò mo naklẽ,
ale be woaxɔ na mí.
8Wòe tsɔ wainka tso Egipte vɛ,
wòe nyà dukɔwo ɖa, eye nèdoe ɖi.
9Wòe dzra anyigba ɖo nɛ;
eƒo ke ɖe to, eye wòxɔ anyigba blibo la.
10Eɖo vɔvɔli ɖe towo dzi,
eye wòɖe alɔ ɖe sederti gãwo dzi.
11Eɖe alɔ de ƒu la nu ke,
eye eƒe dzedze de Frat-tɔsisi la nu.
12Nu ka ta nèkaka kpɔ le eŋu
ale be ame siwo katã va le yiyim la
le eƒe kutsetsewo gbem?
13Gbehatsu do tso ave me va vuvui;
nu siwo katã to agblea me la ɖui.
14Mawu, Aʋakɔwokplɔla, gatrɔ.
Do mo ɖa tso dziƒo, nàkpɔ nu.
Va lé be na wainka sia;
15ati viaviã si wò nuɖusi ho do lae!
16Wotɔ dzoe, wòfiã,
eye wotsoe ƒu anyi.
Na wò ŋkume mokaname
natsrɔ̃ wo.
17Ke na wò asi nanɔ
ame si nye wò nuɖusi la ŋu.
Amegbetɔ vi si nèwɔ wòsesẽ
na ɖokuiwò la.
18Ekema míagatrɔ megbe
ade wò gbeɖe o.
Gbɔ agbe mí,
eye míado gbe ɖa na wò.
19Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla, gaɖo mí te.
Na wò mo naklẽ,
ale be woaxɔ na mí.