Psalmowo 69
69
Avifafa hena kpekpeɖeŋu
(David ƒe ha na hadzihakplɔla. Woadzii kple “Dzogbenya” ƒe gbeɖiɖi)
1O Mawu, xɔ nam!
Elabe mese ve le tɔ me.
2Meɖi ɖe ba finyafinya me,
afi si nye afɔ metsɔ anyigba le o;
mege ɖe tɔ ƒe gogloƒe,
eye tsi ɖɔ va to dzinye.
3Medo ɣli ʋuu ɖeɖi te ŋunye;
nye gbe me xe.
Mekpɔ mɔ na nye Mawu kakaka,
nye ŋkuwo dzi wɔ flukpee.
4 #
Ps 35.19; Yoh 15.25. Ame siwo lé fum dzodzro la,
sɔ gbɔ wu nye taɖa.
Ame siwo di be yewoatsrɔ̃m,
alakpatɔ siwo tso ɖe ŋunye la, triakɔ.
Azɔ ɖe maɖo nu si nyemefi o la teƒea?
5Mawu, wòe nya nye bometsitsi;
nye vodadawo mele ɣaɣla ɖe wò o.
6O Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla,
mègana ŋu nakpe
ame siwo le mɔ kpɔm na wò la le tanye o.
Israel ƒe Mawu, mègaklo bubu
le ame siwo dia wò la ŋu le tanye o.
7Elabe tawòe mele vlododo tsɔm,
eye ŋukpe lém ɖo.
8Mezu amedzro na nɔvinyewo
kple ame manyamanya na nɔnye viŋutsuwo.
9 # Yoh 2.17;
Rom 15.3. Elabe ale si meʋã ŋui ɖe wò aƒe la ŋu la
xɔ menye keŋkeŋ,
eye ame siwo le dzuwòm la
ƒe dzuwo lɔm ɖe eme.
10Esi mebɔbɔ ɖokuinye tsi nu dɔ la,
ezu alɔmeɖeɖe le ŋunye.
11Esi meta akpanya abe avɔ ene la,
mezu hamelo na wo.
12Dutakpeƒenɔlawo le dua ƒe agbo nu
le nu ƒom le ŋunye,
eye ahanomunɔwo kpa ha dem.
13Ke wò Aƒetɔ ye medoa gbe ɖa na.
O Mawu, le ɣeyiɣi si dze ŋuwò,
le wò amenuveve si gbã go me la, tɔ nam.
Kpe ɖe ŋunye nyateƒetɔe, 14ɖem tso ba finyafinya me;
na makpɔ ɖeɖe tso nye futɔwo si me
kple tɔ goglowo me.
15Mègana tɔɖɔɖɔ la nasí to dzinye loo,
alo matsi tɔ goglo me loo,
alo yɔdo nagamia nu ɖe dzinye o.
16Aƒetɔ, tɔ nam,
elabe wò amenuveve nyo;
le wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la nu,
trɔ ɖe ŋunye.
17Mègaɣla wò ŋkume ɖe wò dɔla o,
elabe meɖo xaxa me;
netsɔ nàtɔ nam.
18Te ɖe ŋunye, ɖem
ɖe gam le nye futɔwo ta!
19Wòe nya ale si wole alɔ me ɖem le ŋunye,
le ŋukpe domem, hele vlo domem;
nye futɔwo katã le nyanya na wò.
20Dzu gbã nye dzi, ale mebu mɔkpɔkpɔ.
Medi ame si akpɔ nublanui nam,
ke ɖeke meli o,
eye medi akɔfalawo,
ke nyemekpɔ ɖeke o.
21 #
Mat 27.48; Mar 15.36; Luk 23.26; Yoh 19.28, 29. Wotsɔ aɖi nam ɖe nuɖuɖu teƒe,
eye esi tsikɔ wum la, wotsɔ aha tsitsi nam be mano.
22 #
Rom 11.9, 10. Na woawo ŋutɔ ƒe kplɔ̃ si le woƒe akɔ me
nazu ɖɔ,
na woƒe ŋkekenyuiwo nazu mɔ̀, aɖe wo.
23Na woƒe ŋkuwo nado viviti
ale be womate ŋu akpɔ nu o,
eye na woƒe aliwo
nanɔ ƒoƒom tititi edziedzi.
24Trɔ wò dɔmedzoe kɔ ɖe wo dzi,
eye ɖe wò dziku helihelĩ ɖe wo ŋu.
25 #
Dɔw 1.20. Na woƒe asaɖawo nazu aƒedo,
mègana ame aɖeke
nanɔ woƒe agbadɔwo me o.
26Elabe woti ame si nèƒo la yome,
eye ame si ŋu nède abii la,
wogawɔ nu vevii ɖe edzi.
27He to na wo, nàgahee na wo ake;
mègaɖe asi le wo ŋu o.
28 #
Mos II, 32.32; Nyaɖ 3.5; 13.8; 17.8. Tutu wo ŋkɔ ɖa
le agbagbeawo ƒe agbalẽ me;
mègana woaŋlɔ wo ŋkɔ
ɖe nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.
29Ke nye la, nu vevi wɔm,
eye mele veve sem.
O Mawu, na wò xɔname
nakɔm ɖe dzi!
30Matsɔ hadzidzi akafu Mawu ŋkɔ;
madoe ɖe dzi kple akpedada.
31Esia adze Aƒetɔ ŋu wu nyi tata,
alo nyitsu si to dzo glama,
eye afɔkliwo fe nɛ.
32Na ame siwo wote ɖe anyi la nakpɔe,
ne woakpɔ dzidzɔ;
mi ame siwo le Mawu dim la,
mina dzi naɖo mia ƒo.
33Elabe Aƒetɔ ɖoa to hiãtɔwo,
eye menyɔa ŋu etɔ siwo le ga me la o.
34Mina dziƒo kple anyigba
atsiaƒu kple nu siwo katã ʋãna le eme la nakafui.
35Elabe Mawu axɔ na Zion,
eye wòagbugbɔ Yuda-duwo atso,
eye eƒe dɔlawo anɔ afi ma
axɔe, wòazu wo tɔ.
36Eƒe dɔlawo ƒe viwo anyi eƒe dome,
eye ame siwo lɔ̃ eŋkɔ la, anɔ eme.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.