رفتن به محتوا

Psalmowo 67

67
Akpedaha
(Ha na hadzihakplɔla si kpɔa kasaŋkuwo dzi. Hae. Hadzidzi)
1Mawu neve mía nu,
neyra mí,
eye nena eƒe mo naklẽ na mí, (Tɔ vie)
2ne woadze si wò mɔwo le anyigba dzi
kple wò xɔname ƒe ŋusẽ le dukɔwo dome.
3O Mawu, na dukɔwo nakafu wò;
na dukɔwo katã nakafu wò!
4Na dukɔwo nakpɔ dzidzɔ,
eye woadzi aseyetsohawo,
elabe wòe drɔ̃a ʋɔnu dukɔwo ɖe eteƒe,
eye nèkplɔa dukɔwo le anyigba dzi. (Tɔ vie)
5O Mawu, na dukɔwo nakafu wò;
na dukɔwo katã nakafu wò!
6Anyigba la ƒe kutsetsewo dzi ɖe edzi;
Mawu, mía Mawu la yra mí.
7Mawu yra mí;
mina anyigba ƒe mlɔenuwo katã navɔ̃e!