رفتن به محتوا

Psalmowo 35

35
Gbedodoɖa hena kpekpeɖeŋu
(David ƒe hae)
1Aƒetɔ, wɔ avu
kple ame siwo le avu wɔm kplim;
wɔ aʋa kple ame siwo
le aʋa wɔm kplim la!
2Tsɔ wò akpoxɔnu gãtɔ kple suetɔ,
eye tso, nàkpe ɖe ŋunye!
3Tsɔ wò akplɔ kple fía nuevee
ɖe ame siwo le yonyeme tim la ŋu!
Gblɔ na nye luʋɔ be:
“Nyee aɖe wò!”
4Na ŋukpe kple vlododo
nava ame siwo le nye agbe yome tim la dzi!
Na ame siwo le vɔ̃e bum ɖe ŋunye
le tame la nagbugbɔ ɖe megbe,
eye woƒe mo neyi to!
5Na woanɔ abe nutsro le ya nu ene,
eye Aƒetɔ ƒe dɔla nenyà wo ɖe nu!
6Na woƒe mɔ dzi nado viviti anɔ ɖiɖim,
eye Aƒetɔ ƒe dɔla neyɔ wo ɖe nu.
7Elabe nyemewɔ naneke hafi
woɖo ɖɔ ɖi nam o;
nyemewɔ naneke hafi
woɖe ʋe ɖi na nye agbe o.
8Na wo dome nagblẽ hafi woanya,
eye na ɖɔ si woɖo la naɖe wo!
Na woage dze eme atsrɔ̃!
9Ekema nye luʋɔ atso aseye ɖe Aƒetɔ ŋu,
eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe ɖeɖe ŋu.
10Nye ƒuwo katã agblɔ be:
“O Aƒetɔ, ame kae ɖi wò?
Wò ame si ɖea ame beli
tso ame si sesẽ nɛ akpa la si me,
ame beli kple hiãtɔ tso
ame si da adzoe la si me?”
11Ɖasefo siwo si susu vɔ̃e le la tso;
wobia nu le nu siwo ŋu nyemenya naneke le o lam.
12Woɖo vɔ̃, nyui teƒe nam;
nye luʋɔ tsi asi.
13Ke nye ya esime wodze dɔ la,
meta akpanya.
Mewɔ fu ɖokuinye kple nutsitsidɔ,
eye mede mo to, do gbe ɖa,
14abe xɔ̃nye alo nɔvinye ŋutsue
mele fafam na ene;
menɔa yiyim abe ame si le konyi fam na nɔa,
ame si bɔbɔ le funyinyi me ene.
15Ke esi mekli nu la,
woƒo ƒu kpɔ dzidzɔ,
woƒo ta kpli ɖe ŋunye;
tekunɔ siwo nyemenya o la,
gblẽ ŋunye madzudzɔmadzudzɔe.
16Wotsɔ ɖiŋudodo ɖu fewu le ŋunye
zi geɖe,
henɔa aɖukli ɖum ɖe ŋunye.
17O Aƒetɔ, va se ɖe ɣe ka ɣie
nanɔ esia kpɔm?
Ɖem, tso woƒe nuvuvu me,
nye agbe tso dzatawo si me.
18Ekema mada akpe na wò
le ameha gã la dome;
makafu wò le takpekpe gã la me.
19 # Ps 69.4; Yoh 15.25. Mègana ame siwo nye nye ketɔwo
madzemadzee la natso aseye ɖe ŋunye o,
eye mègana ame siwo lé fum dzodzro la
namia ŋku ɖem o.
20Elabe womedia ŋutifafa o,
ke boŋ wotsiaa tre ɖe ame siwo li kpoo la
ŋu le anyigba la dzi,
eye ameblenya nɔa woƒe susu me.
21Wokea nu baa ɖe ŋunye;
hegblɔna be: “Ehɛ̃, ehɛ̃,
míaƒe ŋkuwo kpɔe!”
22O Aƒetɔ, èkpɔe,
mègazi kpi o!
O Aƒetɔ, mèganɔ adzɔge
tso gbɔnye o.
23Nye Mawu kple nye Aƒetɔ,
ʋã ɖokuiwò, nànyɔ akpɔ eme nam;
tso nàʋli tanye!
24O Aƒetɔ, nye Mawu tso afia nam,
le wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ nu,
eye mègana woatso aseye
le tanye o.
25Mègana woagblɔ na wo ɖokui be:
“Ehɛ̃, alea dim míaƒe dzi le” o.
Mègana woagblɔ be:
“Míemii” o.
26Na ŋu nakpe ame siwo katã
tso aseye le nye dzɔgbevɔ̃e ta,
eye na woatɔtɔ!
Na ŋukpe kple vlododo
navu tsyɔ ame siwo
le wo ɖokui dom ɖe dzi ɖe ŋunye la dzi!
27Na ame siwo di be woatso afia nam la,
nado ɣli akpɔ dzidzɔ,
eye woanɔ gbɔgblɔm ɖaa be:
“Aƒetɔ, ame si kpɔa dzidzɔ
ne nu nyo na eƒe dɔla la
lolo loo!”
28Ekema nye aɖe aƒo nu
tso wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu,
eye wòakafu wò
ŋkeke blibo la.