رفتن به محتوا

Psalmowo 32

32
Nuvɔ̃meʋuʋu kple tsɔtsɔke
(David ƒe nufiamehae)
1 # Rom 4.7, 8. Woyra ame si wotsɔ eƒe dzidada kee,
ame si ƒe nuvɔ̃ dzi wotsyɔ nui.
2Woyra ame si Aƒetɔ mebu
vodada aɖeke na o,
eye alakpa aɖeke mele
eƒe gbɔgbɔ me o.
3Esi nyemeʋu nye nuvɔ̃ me o la,
nye ŋeŋe atraɖii ŋkeke blibo la na meɖi ku.
4Elabe wò asi sẽ ɖe dzinye
ŋkeke kple zã;
nye ŋusẽ vɔ keŋ
abe dzomeŋɔli ƒe dzoxɔxɔe wɔe ene. (Tɔ vie)
5Menya be mewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò,
nyemeɣla nye nuvɔ̃ɖi wɔwɔ la o.
Megblɔ be:
“Maʋu nye dzidadawo me na Aƒetɔ.”
Tete nètsɔ nuvɔ̃ si mewɔ la
ƒe fɔɖiɖi la kem. (Tɔ vie)
6Eya ta na ame sia ame
si nye mawumeme la
nado gbe ɖa na wò;
le xaxaɣi#32.6: LE XAXAƔI: Hebri Biblia be, le kpɔwòɣi.,
ne tɔ gãwo ɖɔ hã la,
made egbɔ o.
7Beɖoƒee nènye nam;
èdzram ɖo tso xaxa me.
Ètsɔ ɖeɖe ƒo xlãm. (Tɔ vie)
8Mafia nu wò,
mafia mɔ si nàto la wò.
Maɖo aɖaŋu na wò,
eye nye ŋku anɔ ŋuwò.
9Mèganɔ abe sɔ alo tedzisɔ
si si gɔmesese mele o la ene o;
ka kple numega wotsɔna mlanɛ.
Ne menye nenem o la,
manɔ gbɔwò o.
10Ame vɔ̃ɖi sea veve geɖe;
ke ame si ɖoa ŋu ɖe Aƒetɔ ŋu la,
amenuveve ƒoa xlãe.
11Mikpɔ dzidzɔ ɖe Aƒetɔ ŋu;
mitso aseye, mi ame dzɔdzɔewo!
Mido dzidzɔɣli, mi ame siwo katã
ƒe dzi to mɔ ɖeka.