Psalmowo 28
28
Gbedodoɖa hena kpekpeɖeŋu
(David ƒe hae)
1Aƒetɔ, wò yɔm mele.
Nye agakpe, mègado tokum o,
elabe ne èdo tokum la,
mazu abe aʋlimeyilawo ene.
2Se nye kokoƒogbe,
esi mele ɣli dom na wò
be nàkpe ɖe ŋunye;
esi mewu nye asiwo dzi
ɖo ɖe wò kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la!
3Mègatsɔm kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo
kple nu vlo wɔlawo ŋu o.
Woawo la, woƒoa nu ŋutifafatɔe
kple wo haviwo,
esime nu gbegblẽ wɔwɔ le woƒe dzime.
4 #
Nyaɖ 22.12. Wɔ na wo ɖe woƒe nuwɔnawo nu,
ɖe woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo nu.
Wɔ na wo le woƒe asinudɔwɔwɔwo nu,
eye nàxe fe si dze la na wo.
5Esi womeléa ŋku ɖe Aƒetɔ
ƒe dɔwɔwɔwo ŋu loo,
alo eƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu o ta,
agbã wo aƒu anyi,
eye magatu wo o.
6Woakafu Aƒetɔ
elabe ese nye kokoƒogbe.
7Aƒetɔ ye nye nye ŋusẽ kple nye akpoxɔnu;
eya ŋue meɖoa dzi ɖo
ale wòxɔna nam.
Nye dzi le aseye tsom,
eye metsɔ nye ha le akpe dam nɛ.
8Aƒetɔ ye nye ŋusẽ na eƒe dukɔ;
eyae nye sitsoƒe si xɔna
na eƒe amesiamina la.
9Xɔ na wò dukɔ la,
eye nàyra wò domenyinu la;
nye wo kplɔla,
eye nàkɔ wo ɖase mavɔ me.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.