Psalmowo 26
26
Ame nyui aɖe ƒe gbedodoɖa
(David ƒe hae)
1Aƒetɔ, tso afia nam
elabe mewɔ nuteƒe
le nye nuwɔnawo me,
eye meɖo ŋu ɖe Aƒetɔ ŋu
maʋamaʋãe.
2Aƒetɔ, dom kpɔ,
eye nàdzro menye kpɔ.
Dzro nye dzi kple susu me,
3elabe wò amenuveve la
le ŋkunye me,
eye mezɔna le wò nyateƒe la me.
4Nyemenɔa alakpatɔwo ƒe ha me o,
eye nye kple ayetɔwo míedea ha o.
5Melé fu nu vlo wɔlawo hã
eye nyemabɔbɔ nɔ nuvɔ̃ɖi wɔlawo dome o.
6Aƒetɔ, meklɔ asi fɔmaɖitɔe,
eye meƒoa xlã wò vɔsamlekpui la,
7nɔa akpedaha dzim na wò
kple gbe sesẽ
henɔa wò nukudɔwɔwɔwo katã xlẽm fia.
8Aƒetɔ, melɔ̃ nɔwòƒe
le wò aƒe la me
kple teƒe si wò bubu le.
9Mègakplɔm ƒu gbe
kple nuvɔ̃wɔlawo ɖekae loo,
alo nàɖe nye agbe ɖa
kpe ɖe ʋukɔɖilawo tɔ ŋu o.
10Ame siawo ƒe asi mee
nu vlo wɔwɔ ƒe aɖaŋu le,
eye woƒe ɖusime yɔ fũu kple zãnu.
11Ke nye la,
mezɔna le nye fɔmaɖimaɖi me;
ɖem, eye nàve nunye.
12Anyigba sɔsɔe dzie mele tsitre ɖo.
Makafu Aƒetɔ le takpekpe gãwo me.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.