رفتن به محتوا

Psalmowo 22

22
Veveɣli kple kafukafuha
(David ƒe ha na hadzihakplɔla. Woadzii ɖe “Ɣedzedze ƒe zinɔ la” ƒe gbeɖiɖi nu)
1 # Mat 27.46; Mar 15.34. Nye Mawu, nye Mawu,
nu ka ta nègblẽm ɖi?
Nu ka tae nèle adzɔge ʋĩi
be yemakpe ɖe ŋunye o?
Nu ka tae nèle adzɔge ʋĩi
tso nye lagbelãgbedodowo gbɔ?
2Nye Mawu, meyɔa wò le ŋkeke me,
gake mètɔna nam o.
Meyɔa wò le zã me hã,
gake nyemekpɔa gbɔdzɔe o.
3Evɔ nèle kɔkɔe,
eye Israel ƒe kafukafuwoe
nye fiazikpui si dzi nèbɔbɔ nɔ.
4Ŋuwòe mía tɔgbuiwo ɖo dzi ɖo;
woɖo dzi ɖe ŋuwò,
eye nèɖe wo.
5Wòe wodo ɣli yɔ,
eye nèxɔ na wo;
ŋuwòe woɖo dzi ɖo,
eye ŋu mekpe wo o.
6Ke nye la, ŋɔvie menye,
menye amegbetɔ o.
Amewo koam,
eye nyemeɖi naneke le dukɔa gbɔ o.
7 # Mat 27.39; Mar 15.29; Luk 23.35. Ame siwo katã kpɔam la, ɖua fewu
le ŋunye;
wogbigbia nu ɖe ŋunye,
ʋuʋua ta, gblɔna be:
8 # Mat 27.43. “Etsɔ eƒe nyawo na Aƒetɔ;
neɖee, nexɔ nɛ,
elabe ekpɔa dzidzɔ le eŋu.”
9Evɔ la, wòe kplɔm doe
tso vidzidɔ me;
wòe na menɔ dedie
le nɔnye ƒe no nu.
10Wotsɔm gblẽ ɖe dziwò
esime wodzim,
eye tso esime nɔnye dzim ko la,
wòe nye nye Mawu.
11Mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o,
elabe xaxa tum vɔ,
eye ame aɖeke meli akpe ɖe ŋunye o.
12Nyitsu geɖewo ɖe to ɖem;
Basan-nyitsu sesẽwo ƒo xlãm.
13Woke nu me baa ɖe ŋunye
abe dzata dɔwui si le gbe ɖem la ene.
14Ŋusẽ vɔ le ŋunye
abe tsie wokɔ ɖi ene,
eye nye ƒuwo katã glí
le wo nɔewo nu.
Nye dzi zu abe anyiŋɔ ene
helólo ɖe dɔme nam.
15Ŋusẽ vɔ le ŋunye keŋ
abe sonu gaglɛ ene;
nye aɖe lé ɖe nye ve me,
ètsɔm mlɔ ku ƒe ʋuʋudedi me.
16Ẽ, avuwo ƒo xlãm;
ame vɔ̃ɖiwo ƒe ha ɖe to ɖem.
Woƒo nu ɖe nye asiwo kple afɔwo.
17Mate ŋu axlẽ nye ƒuwo katã.
Nye futɔwo kpɔe,
eye wolé ŋku ɖe dzinye.
18 # Mat 27.35; Mar 15.24; Luk 23.34; Yoh 19.24. Woma nye avɔwo
ɖe wo nɔewo dome;
nye awuwo ya la,
wodzidze nu ɖe wo dzi.
19Ke wò la, o Aƒetɔ,
mèganɔ adzɔge o.
Wòe nye kpeɖeŋutɔ nam;
ɖe abla nàva kpe ɖe ŋunye.
20Ɖe nye luʋɔ le yi nu;
ɖe nye agbe tso avu la ƒe ŋusẽ me.
21Xɔ nam tso dzata la ƒe nu me!
Xɔ nye luʋɔ si le fu kpem la
tso nyitsu wɔadãwo ƒe dzowo nu.
22 # Heb 2.12. Maƒo nu le ŋuwò na nɔvinyewo;
makafu wò le amehawo dome.
23Mi ame siwo vɔ̃a Aƒetɔ,
mikafui!
Mi Yakob ƒomeawo katã,
midoe ɖe dzi.
Israelviwo katã,
vɔvɔ̃ neɖo mi le eŋkume.
24Elabe medo vlo fukpela ƒe fukpekpe,
alo na wònyɔ ŋu nɛ o;
meɣla eŋkume ɖee o,
ke boŋ esi wòdo ɣli yɔe la, esee.
25Gbɔwòe nye kafukafu tso
le ameha gãwo dome.
Maxe nye adzɔgbeɖefe
le ame siwo vɔ̃a wò la ŋkume.
26Fukpelawo aɖu nu aɖi ƒo;
ame siwo dia Aƒetɔ la akafui.
Miaƒe dziwo nenɔ agbe tegbee!
27Anyigba ƒe mlɔenuwo katã
aɖo ŋku edzi atrɔ ɖe Aƒetɔ ŋu;
dukɔwo ƒe ƒomewo katã
ade ta agu ɖe eŋkume.
28Elabe Aƒetɔ tɔe nye fiaɖuɖu,
eye wòle fia ɖum ɖe dukɔwo dzi.
29Ẽ, eyae ame siwo katã dàna
le anyigba dzi la, ade ta agu na.
Ame siwo katã ayi ʋuʋudedi me
kple ame si mate ŋu axɔ eɖokui
ɖe agbe o la,
adze klo nɛ.
30Dzidzime siwo gbɔna la asubɔe;
amewo axlẽ nya afia le Aƒetɔ la ŋu
na dzidzimevi siwo lava dzɔ,
31eye woaɖe gbeƒã ɖeɖedɔ
si wòwɔ la na ame siwo
womekpɔ dzi haɖe o la.