رفتن به محتوا

Psalmowo 149

149
Kafukafuha
1Mikafu Aƒetɔ!
Midzi ha yeye na Aƒetɔ!
Midzi ha kafui
le eƒe nuteƒewɔlawo ƒe takpekpe me.
2Mina Israel nakpɔ dzidzɔ
ɖe eƒe Wɔla ŋu!
Mina Zionviwo natso aseye
ɖe woƒe Fia ŋu!
3Mina woakafu eŋkɔ kple ɣeɖuɖu!
Wonetsɔ asiʋui
kple kasaŋku ƒo ha vivi nɛ!
4Elabe Aƒetɔ kpɔa dzidzɔ
le eƒe dukɔ ŋu.
Etsɔa dziɖuɖu ɖoa atsyɔ̃
na ɖokuibɔbɔlawo.
5Mina nuteƒewɔlawo nakpɔ dzidzɔ
elabe wode bubu wo ŋu.
Mina woadzi ha kple dzidzɔ
le woƒe abawo dzi.
6 # Mak II, 15.27. Mina woakɔ gbe me
akafu Mawu sesĩe,
eye woalé yi nuevee ɖe asi
7ne woabia hlɔ̃ dukɔwo
eye woahe to na anyigba dzi dukɔwo.
8Woade kɔsɔkɔsɔ woƒe fiawo,
eye woade kunyowu woƒe bubumewo.
9Woahe to na wo alea,
le ʋɔnudɔdrɔ̃ si woŋlɔ ɖi
ɖe wo ŋu la nu.
Esia nye bubu si woade
eƒe nuteƒewɔlawo katã ŋu.
Mikafu Aƒetɔ!