Psalmowo 147
147
Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la, kafukafu
1Mikafu Aƒetɔ!
Enyo be woadzi ha
akafu mía Mawu la,
elabe amenuvela wònye,
eye kafukafuhae dzenɛ.
2Aƒetɔ gbugbɔ Yerusalem-dua
le tsotsom;
ele Israel ƒe aboyomeawo kplɔm gbɔe.
3Eda gbe le ame
siwo ƒe dzi gbã la ŋu,
eye wòbla woƒe abiwo.
4Eyae ɖo ɣletiviwo ƒe xexlẽme anyi,
eye wòtsɔ ŋkɔ na wo katã.
5Aƒetɔ ye nye gã;
eƒe ŋusẽ tri akɔ,
womate ŋu ase egɔme akpɔ o.
6Aƒetɔ kɔa ame siwo wobɔbɔ
ɖe anyi la ɖe dzi;
etsɔa ame vɔ̃ɖiwo ƒua gbe ɖe ké me.
7Midzi akpedaha na Aƒetɔ!
Miƒo kasaŋku dzi ha viviwo
na mía Mawu la.
8Eyae tsɔa alilikpowo xea dziŋgɔli ŋkume;
eyae naa tsidzadza anyigba;
eyae nana be gbewo miena
ɖe togbɛwo dzi.
9Eyae naa nuɖuɖu gbemelãwo
kple akpaviavi siwo le xɔxlɔ̃m.
10Mekpɔa dzidzɔ le sɔ ƒe ŋusẽ ŋu loo,
alo duƒula ƒe afɔ tsɔtsɔe ŋu o.#147.10: Wogblɔ le Hebri-gbe me be “…ame ƒe ata.”
11Ke Aƒetɔ kpɔa dzidzɔ
le ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu,
ɖe ame siwo kpɔa mɔ
na eƒe amenuveve la ŋu.
12Yerusalem, kafu Aƒetɔ!
Zion, kafu wò Mawu la!
13Elabe eyae na wò agbowo
ƒe gametiwo sesẽ;
eyae yra viwò ŋutsuwo le mewò.
14Eyae na wò liƒowo ŋu fa,
eye lu ʋã nyuie fũu na wò.
15Eyae ɖe gbe ɖo ɖe anyigba,
eye eƒe nya le du dzi sesĩe.
16Eyae naa tsikpe abe ɖetifu ene,
eye wòwua tsi babla abe dzowɔ ene.
17Eyae daa eƒe tsi babla hlẽna
abe kpekui ene.
Ame kae ate ŋu anɔ te
ɖe eƒe vuvɔ nu?
18Eɖo eƒe nya ɖa,
eye tsi bablaawo lólo.
Eyae na eƒe ya ƒo,
eye tsiwo sí.
19Eɖe gbeƒã eƒe nya na Yakob,
eƒe ɖoɖowo kple sewo na Israel.
20Mewɔ esia na dukɔ bubu aɖeke o;
womenya eƒe sewo o.
Mikafu Aƒetɔ!
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.