رفتن به محتوا

Psalmowo 136

136
Akpedaha
1 # Kron I, 16.34; Kron II, 5.13; 7.3; Ezra 3.11; Ps 100.5; 106.1; 107.1; 118.1; Yer 33.11. Mida akpe na Aƒetɔ
elabe eƒe dɔme nyo,
eye eƒe amenuveve li tegbee.
2Mida akpe na mawuwo dzi Mawu la,
elabe eƒe amenuveve li tegbee.
3Mida akpe na aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la,
elabe eƒe amenuveve li tegbee.
4Eya, ɖeɖe koe wɔa nukunu gãwo,
elabe eƒe amenuveve li tegbee.
5 # Mos I, 1.1. Eya, ame si wɔ dziƒo to nunya me,
elabe eƒe amenuveve li tegbee.
6 # Mos I, 1.2. Eya, ame si keke anyigba me
ɖe tsiwo dzi,
elabe eƒe amenuveve li tegbee.
7 # Mos I, 1.16. Eya, ame si wɔ nu keklẽ gãwo,
elabe eƒe amenuveve li tegbee.
8Ɣe, be wòaɖu ŋkeke dzi,
elabe eƒe amenuveve li tegbee.
9Ɣleti kple ɣletiviwo
be woaɖu zã dzi,
elabe eƒe amenuveve li tegbee.
10 # Mos II, 12.29. Eya, ame si wu Egipte-nuwo ƒe ŋgɔgbeviwo,
elabe eƒe amenuveve li tegbee,
11 # Mos II, 12.51. eye wòkplɔ Israel do tso wo dome dzoe,
elabe eƒe amenuveve li tegbee.
12Ekplɔ wo dzoe kple asi sesẽ
kpakple abɔ si wodo ɖe dzi,
elabe eƒe amenuveve li tegbee.
13 # Mos II, 14.21-29. Eya, ame si ma Aƒlaƒu la me ɖe eve,
elabe eƒe amenuveve li tegbee,
14wòna Israel to eme ɖi go,
elabe eƒe amenuveve li tegbee;
15gake ena Egipte Fiagã la
kple eƒe aʋakɔ tsi Aƒlaƒu la me,
elabe eƒe amenuveve li tegbee.
16Eya, ame si kplɔ eƒe dukɔ to gbedadaƒo,
elabe eƒe amenuveve li tegbee.
17Eya, ame si wu fia gãwo,
elabe eƒe amenuveve li tegbee,
18eye wòwu fia xɔŋkɔwo,
elabe eƒe amenuveve li tegbee;
19 # Mos IV, 21.21-30. Sixon, Amoritɔwo ƒe fia,
elabe eƒe amenuveve li tegbee
20 # Mos IV, 21.31-35. kple Og, Basan-fia,
elabe eƒe amenuveve li tegbee,
21eye wòtsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinu,
elabe eƒe amenuveve li tegbee;
22domenyinui na eƒe dɔla Israel,
elabe eƒe amenuveve li tegbee.
23Eya, ame si meŋlɔ mí be
esime wobɔbɔ mí ɖe anyi o,
elabe eƒe amenuveve li tegbee,
24wòɖe mí tso míaƒe ketɔwo si me,
elabe eƒe amenuveve li tegbee.
25Eya, ame si na nuɖuɖu
ŋutilãwo katã,
elabe eƒe amenuveve li tegbee.
26Mida akpe na dziƒo Mawu la,
elabe eƒe amenuveve li tegbee.