رفتن به محتوا

Psalmowo 131

131
Dziɖoɖo ɖe Mawu ŋu ɖokuibɔbɔtɔe gbedodoɖa
(David ƒe mɔzɔha)
1Aƒetɔ, nye dzi medàna o;
nyemeto ŋku gã o,
eye nyemetsɔa nu gãwo wɔwɔ
kple nu siwo wɔ nuku akpa la
doa agba na ɖokuinye o.
2Ke mena nye luʋɔ dze kɔ anyi, zi ɖoɖoe,
abe ɖevi si wona wòzi ɖoɖoe
le nɔa ƒe no nu ene.
Nye luʋɔ le abe ɖevi si wona wòzi ɖoɖoe
la ene.
3Israel, kpɔ mɔ na Aƒetɔ
tso fifia yi ɖe mavɔ me.