Psalmowo 124
124
Mawu, eƒe dukɔ la takpɔla
(David ƒe mɔzɔha)
1Ne ɖe menye Aƒetɔ ye le mía dzi o ɖe?
Na Israel nagblɔ azɔ be:
2Esime amewo tso ɖe mía ŋu
ne ɖe menye Aƒetɔ ye le mía dzi o la,
3anye ne womi mí agbagbee.
Esime wodo dɔmedzoe helihelĩ
ɖe mía ŋu la,
4anye ne tɔɖɔɖɔ kplɔ mí dzoe,
eye tsisisi zɔ to mía dzi yi;
5anye ne tɔ dzeagbowo
mlí to mía dzi.
6Mina mída akpe na Aƒetɔ
ame si metsɔ mí wɔ adelã
na woƒe aɖuwo o!
7Míesí abe xevi si le mɔ̀trela
ƒe mɔ̀ka me ene;
mɔ̀ka la lã,
eye míawo míesí dzo!
8Míaƒe kpekpeɖeŋu le Aƒetɔ la ŋkɔ me,
ame si wɔ dzi kple anyigba.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.