Psalmowo 1
1
AGBALẼ GBÃTƆ
Ps 1—41
Dzidzɔ vavãtɔ
1Woyra ame si mezɔna ɖe
ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu loo,
alo tɔna ɖe nuvɔ̃wɔlawo ƒe mɔ dzi loo,
alo nɔa anyi ɖe fewuɖulawo dome o.
2Ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Aƒetɔ ƒe se la ŋu,
eye wòbua eŋu zã kple keli.
3 #
Yer 17.8. Ele abe ati
si wodo ɖe tɔʋu to la ene,
esi tsena le etseɣi,
eye eƒe aŋgbawo melũa xe o.
Nu sia nu si ame sia wɔna la, dzea edzi nɛ.
4Ame vɔ̃ɖiwo ya mele alea o.
Ke woawo ya le abe nutsro si ya ƒona dzonae ene.
5Eya ta ame vɔ̃ɖiwo manɔ te
le ʋɔnudɔdrɔ̃ me loo,
alo nuvɔ̃wɔlawo
nanɔ nu dzɔdzɔe wɔlawo ƒe ha me o.
6Elabe Aƒetɔ dze si ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ,
ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ abu gbidii.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.