رفتن به محتوا

Nexemya ƒe Agbalẽ 2

2
Nexemya yi Yerusalem
1Gbe ɖeka le ɣleti Nisan me, le fia Artaxsasta ƒe fiaɖuɣi ƒe ƒè bla evelia me la, meku aha na fia la esime wònɔ nu ɖum. Mekpɔm melé blanui le eŋkume kpɔ o. 2Fia la biam be: “Nya kae dzɔ nètsi kpoo ale? Mekpɔ be wò lã me megblẽ o ɖe! Menye nanekee o; nu xam nèle le dzime.” Tete mevɔ̃ ŋutɔ. 3#Fia II, 25.8-10; Kron II, 36.19; Yer 52.12-14. Megblɔ na fia la be: “Fia nenɔ agbe tegbee! Nye Aƒetɔ, mese be mía de, du si me woɖi tɔgbuinyewo ɖo la, zu aƒedo hetsi nuvo, elabe dzo bi eƒe agbowo. Ale ke wɔ nyemalé blanui o?” 4Fia la biam be: “Nu ka nàdi be mawɔ na ye?” Medo gbe ɖa le tame na dziƒo Mawu la, 5eye megblɔ na fiaa be: “Ne edze ŋuwò, Fia Bubutɔ, be yeave nye wò dɔla nu la, ekema ɖe mɔ nam ne mayi Yuda, ne magbugbɔ du si nye tɔgbuinyewo ƒe ɖiƒe, afi si woƒe yɔdowo le la, atso.” 6Tete fiaa lɔ̃ be mayi. Srɔ̃a nɔ exa. Ebiam be: “Ŋkeke nenie nàtsɔ zɔ mɔ lae? Ne èyi ɖe, ɣe ka ɣi nàtrɔ gbɔ?” Ale edze fia la ŋu be yeaɖom ɖa. Meɖo ŋkeke nɛ. 7Megagblɔ be: “Meɖe kuku, fia, na be woaŋlɔ agbalẽ de asinye matsɔ yi na mɔ́mefia siwo le Frat-tɔsisi ƒe ɣetoɖoƒe nutome#2.7: FRAT-TƆSISI: ƒe ɣetoɖoƒe nutome. Le Persia-dziɖuɖu ŋɔli la, Israel-nyigba nye Persia-dziɖuɖua ƒe nutome gã si le Frat-tɔsisia ƒe ɣetoɖoƒe gome la ƒe akpa aɖe. be woaɖe mɔ nam mato woƒe anyigba me ayi Yuda. 8Megaɖe kuku be maxɔ agbalẽ yi na fia ƒe avedzikpɔla, Asaf, hã be wòana atim ne matso akpa agbowo na mɔ́ si le gbedoxɔa ŋu kple dua ƒe gliwo kpakple aƒe si me nɔ ge mala la.” Fia la lɔ̃ wɔ nye biabiaawo katã dzi nam elabe nye Mawu ƒe asi nyui nɔ dzinye.
9Fiaa ɖe asrafomegã aɖewo kple sɔdzisrafo aɖewo kpe ɖe ŋunye. Tete medze mɔ. Meva ɖo Tɔgodo Nutome mɔ́mefiawo gbɔ, eye metsɔ fia ƒe agbalẽawo na wo. 10Esi Sanebalat, Xorontɔ la kple eƒe kpeɖeŋutɔ Tobiya, si nye Amontɔ, se be meva ɖo la, eku dzi na wo ŋutɔ be ame aɖe va be yeawɔ nyui na Israelviwo.
11Meva ɖo Yerusalem, eye menɔ anyi ŋkeke etɔ̃ sɔŋ 12gake nyemekɔ nu le nu si Mawu nyɔ le menye be mawɔ na Yerusalem la dzi na ame aɖeke o. Le ŋkeke etɔ̃lia ƒe zã me la, mefɔ, kplɔ ŋutsu eve aɖewo ɖe asi, eye míedo go. Tedzi si dom menɔ la koe nye lã nɔ mía ŋu. 13Meto Balimegbo nu va do ɖe Lovudo gbɔ, yi dzi ɖado ɖe Akɔligbo gbɔ. Le nye tsaɖiɖia me la, melé ŋku ɖe Yerusalem-gliawo ƒe afi siwo gbã kple dua ƒe agbo siwo dzo fiã la ŋu. 14Meto ŋgɔ ɖado ɖe Vudogbo kple Fia ƒe tá gbɔ; ke teƒe aɖeke megale glikpoawo dome si nye tedzi la ate ŋu ato o. 15Eya ta meto bali la me le vivitia me, ganɔ ŋku lém ɖe nuwo ŋu ko. Tete metrɔ azɔ gagbugbɔ yi ɖato Balimegbo nu eye mege ɖe dua me. 16Amegã siwo nɔ dua nu la menya kura be mede afi aɖeke o elabe va se ɖe ɣe ma ɣi la, nyemegblɔ nya aɖeke na Yudatɔwo, nunɔlawo, bubumewo, dua dzikpɔlawo kple ame bubu siwo le dɔa wɔ ge la ƒe ɖeke haɖe o. 17Ke azɔ la, megblɔ na wo be: “Miekpɔ ale si gbegbe míele dzɔgbevɔ̃e me, be Yerusalem zu aƒedo eye dzo bi eƒe agbowo la ɖa. Mina míagbugbɔ Yerusalem-gliwo aɖo be ŋukpe gã si me míele fifia la naklo ɖa.” 18Mexlẽ ale si nye Mawu ŋutɔ kpɔ tanye, eye wòfia afɔɖoƒem le nu sia nu me la fia wo, eye meka nya siwo katã fia la gblɔ nam la hã ta na wo. Tete wogblɔ na wo nɔewo be: “Mía tɔwo, mina míagbugbɔ glia ɖo.” Ale wode dzo lã me na wo nɔewo ɖe dɔ nyui la wɔwɔ ŋu. 19Esi Sanebalat, Xorontɔ la, Tobiya kple Arabia-ŋutsu aɖe si woyɔna be Gesem se nyaa la, woko mí, ɖu fewu le mía ŋu. Wobia mí be: “Nu ka wònye wɔm miele? Ðe miedi be yewoadze aglã ɖe fia ŋua?” 20Meɖo eŋu na wo be: “Dziƒo Mawu la ana dɔa adze dzi na mí. Mí eƒe dɔlawo míatso ziã aɖo glia. Ke miawo la, naneke mele Yerusalem-du sia me fifia si miate ŋu atɔ asi akɔ be enye yewo tɔ o, eye naneke meli woatsɔ aɖo ŋku mia dzi o.”