رفتن به محتوا

Yuda ƒe Agbalẽ 1

1
1 # Mat 13.55; Mar 6.3. Agbalẽ sia tso nye Yuda, Yesu Kristo ƒe dɔla si nye Yakobo nɔvi la gbɔ.
Mele eŋlɔm ɖo ɖe ame siwo Mawu yɔ. Mawu Tɔ́ la lɔ̃ ame siawo vevie, eye wòle wo ta kpɔm da ɖi na Yesu Kristo.
2Ale si Mawu le nublanui kpɔm na mi, ŋutifafa si wòna mi kple ale si wòlɔ̃ mii la, negasẽ ŋu ɖe edzi wu.
Aʋatsonufialawo
3Nye lɔlɔ̃tɔwo, ɖe medi vevie be maŋlɔ agbalẽ na mi tso ale si Mawu xɔ mi katã ɖe agbe la ŋu hafi, ke didi bubu gava nyɔ le menye, be maŋlɔ agbalẽ sia na mi kaba ahatsɔ ado ŋusẽ mi, be miaʋli xɔse la ta. Xɔse siae Mawu tsɔ na eƒe ame siwo ŋu wòkɔ la, zi ɖeka ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu. 4Elabe ame mavɔ̃mawu aɖewo va ge ɖe mía dome dzaa pɛ míenya o. Wotrɔ gbedeasi si míexɔ tso ale si mía Mawu la vea ame nui la ŋu bubui, bene wòasɔ ɖe woƒe agbe baɖa nɔnɔ nu. Ame siawo gbe míaƒe Nufialagã ɖeka hɔ̃ kple Aƒetɔ si nye Yesu Kristo la. Ẽ, Mawu ŋutɔ ɖoe da ɖi xoxo tso keke gbe aɖe gbe ke be yeabu fɔ ame siawo alea.
5 # Mos II, 12.51; Mos IV, 14.29, 30. Azɔ la, togbɔ be mienya nu siawo katã keŋkeŋ xoxo hã la, medi be magaɖo ŋku wo dzi na mi be Mawu, ame si ŋutɔ ɖe Israel-dukɔ la tso Egipte-nyigba dzi la, tsrɔ̃ ame siwo mexɔ edzi se o la emegbe. 6Miɖo ŋku edzi be mawudɔla siwo mewɔ ŋusẽ si wona wo ŋudɔ nyuie o, eye wodzo le woawo ŋutɔ nɔƒe la, wode kɔsɔkɔsɔ wo ɖikaa, eye eya ŋutɔ tsɔ wo da ɖe viviti tsiɖitsiɖi me, be woanɔ afi ma va se ɖe esime woadrɔ̃ ʋɔnu abu fɔ wo le ŋkeke gã ma dzi. 7#Mos I, 19.1-24. Nenema ke miɖo ŋku Sodom kple Gomora kpakple du siwo ƒo xlã wo la hã dzi. Wo me nɔlawo nɔ agbe baɖa hewɔ ahasi vevie. Ale Mawu tsɔ dzo matsimatsi tɔ wo, be wòanye kpɔdzidze na amewo katã.
8Nenema ke ame siawo kua drɔ̃e, eye wowɔa vɔ̃ ɖe woawo ŋutɔ gɔ̃ hã ƒe ŋutilã ŋu. Womeɖoa to ŋusẽ si ɖua wo dzi la o, eye wogblɔa nya vlowo ɖe nuwɔwɔ siwo dze bubu la ŋu. 9#Dan 10.13, 21; 12.1; Nyaɖ 12.7; Mos V, 34.6; Zax 3.2. Ke mawudɔlawo ƒe nunɔla Mixael kura gɔ̃ hã mewɔ nu sia tɔgbe o. Esime wònɔ dzre wɔm kple Abosam ɖe ame si akɔ Mose ƒe kukua ta la, Mixael megblɔ nya vlo aɖeke ɖe Abosam ŋu o. Ke nya si ko wògblɔ lae nye be, “Aƒetɔ la laka mo na wò!” 10Ke ame siawo gblɔa nya vlowo ɖe nu sia nu si gɔme womese o la ŋu; nu siwo wonya tso dzɔdzɔme, abe ale si gbemelãwo hã nyae ene la, woawoe nye nu siwo tututu tsrɔ̃a wo. 11#Mos I, 4.3-8; Mos IV, 22.1-35; Mos IV, 16.1-35. Baba na wo! Woto Kain ƒe ʋe me. Le viɖe si woakpɔ ta la, woŋlɔ wo ɖokui be, eye woda vo abe Bileam ene. Wodze aglã abe Korax ene, eye wotsrɔ̃ nenema ke. 12Ame siawo ƒe ŋukpenanuwɔwɔ va zu ɖi tá miaƒe lɔlɔ̃ si ƒoa ƒu mi ɖekae le miaƒe nuɖuƒewo. Ale si woawo ɖeɖe ko ƒe dzi nadze eme ko wodina. Wole abe alilikpo madzatsi, si ya le ƒoƒom la ene. Wosɔ kple ati siwo metsea ku le kutseɣi o, eye wòwɔ abe ɖe woho wo kple ke, eye woku gbidii ene. 13Wosɔ kple ƒu dzeagbo ƒe ƒutsotsoe, eye woƒe ŋukpenanuwɔwɔ le abe ƒutsotsoeawo ƒe futukpɔ ene. Ɣletivi siwo le tsatsam, eye Mawu dzra nɔƒe ɖo ɖi na wo ɖe viviti tsiɖitsiɖi me, be woanɔ afi ma tegbee lae wonye.
14 # Mos I, 5.18, 21-24. Ame siawo ŋutie Henox si nye Adam ƒe dzidzimevi adrẽlia ɖe gbeƒã le be, “Aƒetɔ la kple eƒe mawudɔla akpe nanewo gbɔna, 15eye woava drɔ̃ ʋɔnu amewo katã. Woadrɔ̃ ʋɔnu ame mavɔ̃mawuwo katã le nu baɖa, siwo katã wowɔ la ta.” Hekpe ɖe esia ŋu la, woadrɔ̃ ʋɔnu vɔ̃wɔla mavɔ̃mawuwo le nya baɖa, siwo wogblɔ ɖe Mawu ŋu la ta. 16Ame siawo lĩa liʋiliʋĩ ɣe sia ɣi hebua fɔ ame bubuwo. Wowɔa nu ɖe didi vɔ̃, si nyɔ le wo me la nu; wodoa wo ɖokui ɖe dzi, eye woblea ame ŋánaŋana be yewoakpɔ nu si dim yewole la.
Nyagbename kple nuxlɔ̃amenyawo
17Nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miawo la, miɖo ŋku nya siwo mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amedɔdɔwo gblɔ na mi gbe aɖe gbe ʋĩi la dzi. 18#Pet II, 3.3. Wogblɔ na mi be, “Le ŋkeke mamlɛawo me la, amewo lado, woaɖu fewu le mia ŋu, eye woawɔ nu sia nu si dzro wo la mawuvɔvɔ̃ manɔmee.” 19Woawoe nye ame siwo maa ame dome, ame siwo ƒe susu le xexe sia me nuwo ko ŋu; ame siwo me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mele o. 20Nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miawo la, mina miaƒe xɔse si nye nu kɔkɔetɔ kekeake la natsi ɖe edzi. Mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me. 21Miɣla mia ɖokui ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me. Minɔ mɔ kpɔm na mía Aƒetɔ Yesu Kristo be wòakpɔ miaƒe nublanui, eye wòana miava nɔ agbe mavɔ. 22Mikpɔ nublanui na wo dometɔ siwo le ɖi kem. 23Mihe ɖewo do goe tso dzo la me, ne miaxɔ wo ɖe agbe. Mikpɔ nublanui na ɖewo kple vɔvɔ̃. Milé fu awu siwo wodo gɔ̃ hã, elabe nuvɔ̃ɖi siwo woƒe ŋutilã dina la ƒo ɖi wo.
Akpedada gbedodoɖa
24Eya ame si ate ŋu alé mi ɖe asi bene miagadze anyi o, eye wòakplɔ mi, mianɔ dzidzɔ kpɔm ava do ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ, vodada aɖeke manɔ mia ŋu o; 25Mawu ɖeka hɔ̃, mía Xɔla, to Yesu Kristo mía Aƒetɔ dzi, eya koe míatsɔ bubu na, ahabui gãe; eya ko aɖu mía dzi ahakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi ɣeyiɣiwo katã, tso fifia yi ɖe mavɔ me. Amen.