رفتن به محتوا

Hiob ƒe Agbalẽ 41

41
1 # Ps 74.14; 104.26; Yes 27.1. #41.1: Esia nye Ta 40.25 le Hebri-gbe Biblia me. “Ðe nàte ŋu atsɔ ƒè aɖe lo,
alo atsɔ ka bla eƒe aɖe ɖe eƒe glã ŋua?
2Ðe nàte ŋu ade ka ŋɔti me nɛ,
alo atsɔ ƒè aku alɔxatsa nɛa?
3Ðe wòaƒo koko na wò ʋuu
eye wòaƒo nu na wò kple gbe bɔbɔea?
4Ðe wòabla nu kpli wò
be nàtsɔ ye wɔ wò dɔla tegbeea?
5Ðe nàfe kplii abe xevi ene
alo ade kae
na viwò nyɔnuviwoa?
6Ðe asitsalawo ado asi ɖe eŋua?
Alo ɖe adzɔnuƒlelawo aƒlee ama
na asigbedelawoa?
7Àte ŋu atsɔ ʋã geɖe
aŋɔ eƒe ayi,
alo ada akplɔ atɔ ta nɛa?
8Katsa nàka asi eŋu kpɔ!
Wò ŋutɔ ànya be eléle
anye avu manyagblɔ;
màgatee kpɔ gbeɖe o!
9Ne èkpɔ mɔ be yeate ŋu alée la,
èble ɖokuiwò!
Alo ɖe mènya be ekpɔkpɔ ɖeɖe hã
dea vɔvɔ̃ lã me na mawuwo kekeake gɔ̃ hã oa?#41.9: Esia nye Ta 41.1 le Hebri-gbe Biblia me.
10Gbetɔ adãwɔla aɖeke meli
si ado dzi aʋuʋui o.
Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?
11Ame ka ŋu wòle,
wòate ŋu akpe akɔ kplii
eye nu vevi mawɔe o?
Ame ka ŋu wòle
le dziƒoa te?”
12“Nyemagbe nuƒoƒo le eƒe ŋutinuwo,
eƒe ŋusẽ triakɔ la
kple ameti la ƒe tutume nyakpɔ la ŋu o.
13Ame kae ate ŋu afo
akpa si le eŋuti gbã la ɖa,
ake ɖe gawu evelia ŋu?
14Ame kae ate ŋu ake eƒe glã,
akpɔ ŋɔdzi manyagblɔ si ƒo xlã
eƒe aɖuwo ɖa?
15Eƒe dzime katã
nye akpoxɔnu siwo
woɖo wo ɖe fli me la ɖeɖe sɔŋ.
Wolé ɖe wo nɔewo ŋu kplíkplikpli
abe ɖe wotre wo nu goŋgoŋ ene.
16Womimi ɖe wo nɔewo ŋu ale gbegbe;
ya gɔ̃ hã mate ŋu ato wo dome o.
17Ðe sia ɖe de nu nɔvia me.
Wolé, mía ale gbegbe;
womate ŋu ama wo dome o.
18Ne enyè la, eƒe ŋɔti me kea dzo,
eye eƒe ŋkuwo klẽna hẽe
abe agudzedze ene.
19Dzo ƒe aɖewo dona tso eƒe nu me,
eye dzoxiwo hlẽna ŋeŋeŋe.
20Eƒe ŋɔti me tua dzudzɔ,
abe ze
si le fiefiem le nakedzo dzi la me ene.
21Eƒe gbɔgbɔ naa aka léa dzo,
eye dzobibi doa go tso eƒe nu me.
22Ŋusẽ le eƒe kɔ me,
eye ŋɔdzi nɔa ɣe ɖum,
doa ŋgɔ nɛ.
23Eƒe ŋuilã tsyɔ vĩi
ɖe edzi kunyakunya,
eye wòdo akpa trikpaa, hele kakoo.
Meʋãna o.
24Eƒe dzi do akpa abe kpe ene,
eye wòsẽ abe té ene.
25Ne efɔ ɖe afɔ dzi la,
vɔvɔ̃ ɖoa mawuawo kekeake hã,
eye ne egava dze anyi la,
dzidzi ƒoa wo.
26Ne wotsɔ lãnu ɖe eŋu la,
meɖia naneke nɛ o.
Eɖanye aŋutrɔ o, eɖanye dati o,
eɖanye akplɔ didia o,
ɖeke medoa ŋɔdzi nɛ o.
27Ga yibɔ ɖeko wòle nɛ
abe be ene,
eye akɔbli le nɛ
abe ati vóvo ene.
28Aŋutrɔ menana wòsína o.
Akafokpe nye atsa le egbɔ.
29Ne woda kpo ɖe edzi la,
ɖeko wòxɔnɛ abe gbe ƒuƒue ge ɖe edzi ene,
eye ne akplɔ le ʋɔ lum la,
ɖeko wòɖia kokoe nɛ.
30Eƒe dɔ me gbɔ ɖana
abe ze gbagbã kakɛ nu ene.
Eƒe toƒe ɖena ɖe ba me
abe ale si lugbɔmɔ̀ ɖena ɖi ene.
31Enana be tɔ gɔme fiena wlɔwlɔwlɔ
abe nuɖaze me ene,
eye wòblua atsiaƒu me
abe amiɖaze mee le fiefiem ene.
32Ne eho dzó yina la,
eyome ɖea mɔ heklẽna;
edzéna abe atsiaƒu ƒe gogloƒe
ɖe wòƒo wɔ̀ ene.
33Nuwɔwɔ si mevɔ̃a naneke o lae wònye.
Etɔgbe aɖeke mele xexea me o.
34Eklẽa ŋku ɖe nu gãwo katã.
Eyae nye fia ɖe lã dàdalawo katã dzi.”