رفتن به محتوا

Hiob ƒe Agbalẽ 35

35
1Elihu gblɔ yi edzi be:
2“Ðe nèbu be esɔ
be yeagblɔ be:
‘Tɔnye dzɔ wu Mawu tɔ’ mahã?
3Elabe èle gbɔgblɔm be:
‘Viɖe ka le eme nam fifia?
Ne nye nuvɔ̃e mewɔ hã ɖe,
ɖe wòanyo nam wua?’
4Maɖo eŋu na wò kple xɔ̃wòawo!
5Fɔ mo dzi nàkpɔ dziŋgɔli ɖa!
Lé ŋku ɖe alilikpowo ŋu.
Wole dzi ʋĩi tso gbɔwò.
6 # Hiob 22.2, 3. Ne èwɔ nuvɔ̃ la,
nane nèwɔ Mawua?
Ne wò nuvɔ̃wo dzi ɖe edzi la,
nu vevi ka nèwɔ Mawu?
7Ne èwɔ nu dzɔdzɔe la,
nu ka nètsɔ nɛ?
Alo ne mèɖi fɔ o la,
nu ka nènae?
8Nunana ka wòxɔ tso asiwò me?
Ne èwɔ vɔ̃ o, èwɔ nu dzɔdzɔe o,
amegbetɔ abe wò ke enee
akpɔ emetsonu.”
9“Le ameteɖeanyi gbogboawo ta
amewo doa ɣli.
Wodoa boboe ɖe dziɖula ŋutasẽla ta.
10Gake ame aɖeke mebiana be:
‘Afi ka Mawu, nye Wɔla le hã?’ o.
Eyae naa ŋusẽ mí le zã me.
11Eyae fiaa nu mí wu anyigba dzi lãwo,
eye wòna nunya mí wu dziƒoxewo.
12Ame siawo doa ɣli,
ke Mawu meɖoa eŋu o
le woƒe vɔɖivɔ̃ɖi kple dàda ta.
13Le nyateƒe me la,
Mawu mesea ɣli ƒuƒlu o,
eye Ŋusẽkatãtɔ la mebua eŋu o.
14Esi gagblẽ wu lae nye be,
wò la, èbe yemele ekpɔm o;
yeƒe nya le egbɔ,
eye yele esi nu kpɔm!
15Ke azɔ la, esi Mawu medoa dziku,
hea to na ame o,
metsɔa ɖeke le vo geɖe dada me o ta la,
16Hiob ke nu le nya ƒuƒluwo gblɔm ko.
Nunya aɖeke mele wo me o.”