Hiob ƒe Agbalẽ 26
26
Hiob ƒo nu
1Tete Hiob ɖo eŋu be:
2“Èkpe ɖe nye, ŋusẽmanɔŋutɔ sia ŋu fifia?
Èbu be yexɔ na nye,
ame beli sia?
3Aɖaŋu pɛ nye esia nèɖo na nye,
ame manyanu sia
heɖe nunya deto fiam alea?
4Wò kple ame ka ƒe nya nègblɔ,
eye ame ka ƒe nuƒoe do le nuwò?
[Bildad ƒo nu]#26.5: BILDAD: Womeyɔ Bildad ŋkɔ le nuŋɔŋlɔa me o, gake wobuna be eyae gblɔ nya siawo.
5Aʋlimetɔwo le dzodzom nyànyanya
le tometsiwo kple wo me nuwo te.
6Woklo nu le ketu me dzi,
eye tsiẽƒe tsi nuvo
le Mawu ŋkume.
7Eyae keke dziŋgɔli me ɖe ya me
le dzigbeme
eye metsi anyigba ɖe naneke ŋu o.
8Eya kee blaa tsiwo ɖe eƒe alilikpowo me,
eye alilikpoawo medzèna le tsiawo ŋu o.
9Exea ɣleti ŋkume kple alilikpo,
medzena o.
10Eɖe liƒowo ɖe atsiaƒu dzi godoo
va se ɖe kekeli kple viviti ƒe godoƒe.
11Enyra,
eye dziƒowo ƒe sɔtiawo kekeake ʋuʋu kpèkpekpe.
12Eƒe ŋusẽ na ƒu dzeagbo zi ɖoɖoe,
eye wòwu Raxab, ƒumelãtsu la
le nunya me.
13Eɖo ƒuƒu dziŋgɔli me kɔ̀.
Etsɔ eƒe asi tɔ nu da vɔ̃ɖi
si le sisím la.
14Kpɔ ɖa, esiawo nye Mawu ƒe nuwɔnawo
ƒe kɔto dzaa ko.
Eƒe dalĩdodo sue aɖe ko
míesena.
Ke ame ka ate ŋu ase
eƒe ŋusẽ triakɔ la ƒe gbeɖeɖe gɔme?”
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.