رفتن به محتوا

Hiob ƒe Agbalẽ 22

22
Elifaz ƒo nu
1 # Hiob 35.6-8. Tete Elifaz Temantɔ la ɖo eŋu be:
2“Ðe amegbetɔ ate ŋu
aɖe vi na Mawua?
Le nyateƒe me la, ne ame nye nunyala la,
eya ŋutɔ ko wòɖe vi na.
3Ne ènye ame dzɔdzɔe la,
ɖe wòdoa dzidzɔ na Ŋusẽkatãtɔ laa?
Ne mokaka mele wò nuwɔnawo ŋu o la,
viɖe ka wònye na Mawu?
4Wò mawuvɔvɔ̃ ta wòle to hem na wò,
eye wòkplɔ wò yi ʋɔnuia?
5Menye wò nuvɔ̃ɖiwoe keke ta,
eye seɖoƒe meli na wò vodadawo tae oa?
6Elabe èxɔ nu awɔbae le nɔviwòwo si dzodzro.
Èɖe awu le numanɔsitɔwo ŋu,
wotsi amama.
7Mèna tsi ame siwo gbafa ƒo la
wono o,
eye nète abolo dɔwuitɔwo.
8Alɔkpa sesẽ tɔe xɔa anyigba,
eye ame ŋkutae nɔa edzi.
9Ènya ahosiwo dzoe asi gbɔlo.
Èwɔ nu vevi tsyɔ̃eviwo.
10Eya ta èɖo mɔ̀ dziŋɔ me,
eye ŋɔdzi lé wò kpata.
11Wò kekeli do viviti
ale be mègale nu kpɔm o.
Tsiɖɔɖɔ nyè tsyɔ dziwò.”
12“Menye dziƒo ʋĩi ke Mawu le oa?
Kpɔ ale si ɣletiviwo gbɔ
metsɔ o la ɖa!
13Ko nèbe:
‘Nu ka Mawu nya?
Ðe wòate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu to
alilikpo dodowo mea?
14Alilikpo do xe eŋkume
ale be mele nu kpɔm o.
Dziŋgɔli ƒe goawo dzi ke
wòle tsatsam le.’
15Blemamɔ si dzi ame vɔ̃ɖiwo zɔ la
nèbe yeatoa?
16Wohe wo dzoe hafi woƒe ɣeyiɣi de,
eye tsi kplɔ woƒe agunu dzoe.
17Ame vɔ̃ɖi siawo gblɔ na Mawu be:
‘Te ɖa le mía gbɔ!
Nu ka Ŋusẽkatãtɔ la awɔ mí?’
18Evɔ wònye etsɔ nu nyuiwo
yɔ xɔ na wo taŋ hafi.
Ame vɔ̃ɖiwo ƒe adaŋudede
te ɖa sãa tso gbɔnye.
19Ne esia va eme la,
ame dzɔdzɔewo kpɔa dzidzɔ,
eye ame maɖifɔwo ɖua fewu
le wo ŋu,
20gblɔna be: ‘Nyateƒe, wotsrɔ̃ míaƒe ketɔwo,
eye dzo fiã woƒe nuwo keŋ!’ ”
21“Wɔ ɖeka kple Mawu,
eye ŋuwò afa.
To esia me nu nyui asu asiwò.
22Na Mawu nafia nu wò,
eye nàdzra eƒe nyawo ɖo ɖe wò dzime.
23Ne ètrɔ va Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ,
eye nèbɔbɔ ɖokuiwò,
ne èdzudzɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ
le aƒewò me,
24ne ètsɔ sika kɔ ɖe ke me,
eye nètsɔ Ofir-sika kɔ ɖe kpekui me le tɔʋuwo me,
25ne Ŋusẽkatãtɔ la nye wò
sika kple klosalo xɔasi la,
26ekema àkpɔ dzidzɔ le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋu,
eye àwu mo dzi na Mawu.
27Ne èdo gbe ɖa nɛ la,
asee na wò,
eye àwɔ wò adzɔgbe
si nèɖe la dzi.
28Ne èɖo nane be yeawɔ la,
adze edzi na wò,
eye kekeli aklẽ ɖe wò mɔwo dzi.
29Elabe Mawu bɔbɔa dàdalawo ɖe anyi;
ke exɔna na ame siwo bɔbɔa wo ɖokui.
30Eɖea ame maɖifɔ la;
woaɖe wò esi wò asiwo le dzadzɛ ta!”