رفتن به محتوا

Yesaya 54

54
Aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃ na Israel
1 # Gal 4.27. Aƒetɔ be:
“Wò konɔ, si medzi vi kpɔ o, dzi ha!
Wò, ame si melé ku kpɔ o,
dzi ha sesĩe!
Elabe nyɔnu tre ƒe viwo
asɔ gbɔ wu nyɔnu srɔ̃tɔ tɔwo.
2Keke wò agbadɔ ƒe nɔƒe ɖe nu,
eye nàhe wò agbadɔvɔwo me yi megbe;
mègahe wo va akɔ me o.
He kaawo me,
eye nàƒo tsyotiawo ɖe to sesĩe.
3Elabe àkeke ta ayi ɖusime kple miame.
Wò dzidzimeviwo axɔ dukɔwo ƒe anyigba,
eye woanɔ du
siwo zu aƒedo la me.
4Mègavɔ̃ o,
elabe ŋu makpe wò o.
Wò mo megatsi dãa o,
elabe ŋukpe malé wò o.
Elabe àŋlɔ wò ɖetugbime ŋukpe be,
eye màgaɖo ŋku vlo
si wodo wò
esime nènye ahosi la dzi o.
5Elabe Wɔwòlae nye srɔ̃wò.
Eŋkɔe nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla.
Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò Ɖela.
Woyɔnɛ be anyigba blibo la ƒe Mawu.
6Elabe Aƒetɔ yɔ wò
abe srɔ̃nyɔnu si srɔ̃a gblẽ ɖi wòle nu xam
alo ɖekakpuimesrɔ̃ si wogbe la ene.
Wò Mawu lae gblɔe.
7Megblẽ wò ɖi vie ko;
ke matsɔ nublanuikpɔkpɔ gã
akplɔ mi aƒo ƒui.
8Medo dɔmedzoe, trɔ megbe de wò vie ya;
ke matsɔ lɔlɔ̃ si nu metsina o la
akpɔ nublanui na wò.
Nye Aƒetɔ, wò Ɖelae gblɔe.
9 # Mos I, 9.8-17. Elabe esia le nam abe Noa ƒe ŋkekewo ene.
Ale si meka atam
be nyemagana tsi naɖɔ
aɖe anyigba azɔ o la,
nenemae meka atam
be nyemagado dziku ɖe ŋuwò
agaka mo na wò azɔ o.
10 # Yudit 16.15. Elabe towo ate ŋu ate ɖa,
eye woaɖe togbɛwo ɖa;
ke nye amenuveve mate ɖa le ŋuwò o,
eye nye ŋutifafa nubabla maɖe ɖa o.
Aƒetɔ, ame si kpɔa nublanui na wò
lae gblɔe.
Ale si Yerusalem ava nɔ
11 # Nyaɖ 21.18-21. # Tob 13.16, 17. “Wò fukpela, si nyamam ahom le,
wò ame si womefa akɔ na o,
kpɔ ɖa, mele kpe ŋɔŋɔewo tsɔ ge
aɖo gɔwòme anyii,
eye matsɔ safirkpe aɖo wò gɔmeɖokpewoe.
12Mana wò xɔta ƒe tsutsyɔẽƒewo nanye gbloti,
wò agbowo nanye soe,
eye wò gliwo katã nanye kpe xɔasiwo.
13 # Yoh 6.45. Aƒetɔ afia nu viwòwo katã,
eye agbenɔnɔ adze dzi na viwòwo nyuie.
14Woatsɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ ali ke wò,
eye ame aɖeke mate wò ɖe anyi akpɔ o,
elabe màvɔ̃ o.
Naneke mate ɖe ŋuwò
ado ŋɔdzi na wò o.
15Ne ame aɖe di dzre le ŋuwò la,
menye nyee dɔe o.
Ame sia ame si awɔ avu kpli wò la,
atsi asiwò me.
16Kpɔ ɖa, nyee wɔ gbede
ame si ƒlɔa akadzo ɖo,
eye wòtua lãnu
ɖe nu si wòbe yeatsɔe awɔe nu.
Nye kee wɔ nugblẽla hã
be wòagblẽ nu.
17Lãnu sia lãnu si woɖo tu
ɖe ŋuwò la
madze edzi o.
Ame siwo katã tso ɖe ŋuwò
hekplɔ wò yi ʋɔnui la,
manɔ te ɖe nuwò o.
Aƒetɔ ƒe dɔlawo ƒe domenyinu nye esia,
eye matso afia na wo.”
Aƒetɔ lae gblɔe.