Yesaya 38
38
Xizkiya ƒe dɔléle kple hayahaya
(Fia II, 20.1-11; Kron II, 32.24-26)
1Le ŋkeke mawo me la, Xizkiya nɔ dɔ lém ɖo kudo nu. Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya va gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ be, ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo elabe èle kuku ge; màganɔ agbe o.” 2Tete Xizkiya trɔ mo ɖe gli ŋu eye wòdo gbe ɖa na Aƒetɔ. 3Egblɔ be: “O Aƒetɔ, meɖe kuku na wò, ɖo ŋku ale si mezɔ le ŋkuwò me le nyateƒe kple dzi blibo mee hewɔ nu si nyo le ŋkuwò me la dzi.” Tete Xizkiya wó avi hehehe. 4Ale Aƒetɔ ƒe gbe va na Yesaya be: 5“Yi ɖagblɔ na Xizkiya be: Aƒetɔ, tɔgbuiwò David ƒe Mawu la be: Mese wò gbedodoɖa; mekpɔ wò aɖatsi. Kpɔ ɖa, matsɔ ƒe wui atɔ̃ akpe wò agbenɔƒewo. 6Maɖe wò kple du sia tso Asiria-fia si me, eye maʋli du sia ta.#38.6 Woɖe kpukpui 21-22 tso ta la ƒe nuwuwu va da ɖe afii le gɔmeɖeɖe aɖewo me (Kpɔ Fia II, 20.6-9 hã).
7Nu si anye dzesi na wò be Aƒetɔ awɔ nu si ŋugbe wòdo na wò lae nye esi: 8Kpɔ ɖa mana vɔvɔli nagbugbɔ yi megbe afɔɖeɖe ewo le gaƒoƒofiaƒe si Axaz tu ɖe ɣe ƒe zɔzɔme nu la dzi.” Tete ɣe ƒe vɔvɔli la gbugbɔ yi megbe afɔɖeɖe ewo tso gaƒoƒofiaƒe si wòle la.
9Yuda-fia Xizkiya ƒe nu si wòŋlɔ le eƒe dɔléle kple hayahaya megbe ŋu.
10Megblɔ na ɖokuinye be
esi nye agbenɔɣi titina ɖo la,
ele nam be mage ɖe tsiẽƒe
ƒe agbowo me,
le nye agbenɔƒe mamlɛawo me.
11Megblɔ be nyemakpɔ Aƒetɔ,
le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o.
Nyemagakpɔ amegbetɔ aɖeke azɔ
le xexemenɔlawo dome o.
12Woho nye nɔƒe ɖa,
eye wotee ɖa boo tso gbɔnye
abe ale si wowɔa alẽkplɔla
ƒe agbadɔe ene.
Abe avɔlɔ̃la ene la,
meŋlɔ́ nye agbe.
Etsom le avɔlɔ̃gbati me,
eye wòtso ɣe ɖe dzi nam, wòvɔ nam.
13Medo boboe va se ɖe ŋdi.
Egbã nye ƒuwo katã abe dzata ene,
eye wòtso ɣe ɖe dzi nam, wòvɔ nam.
14Menɔ ɣli dom sesĩe
abe sagbadre alo tsalɛ ye
le fafam ene.
Menɔ xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛ ene;
nye ŋkuwo kpɔ dzi ʋuu, nu te wo ŋu.
O Aƒetɔ, wotem ɖe anyi.
Xɔ nam!
15Ke nya kae magblɔ?
Elabe eƒo nu nam
eye eya ŋutɔ wɔe.
Alɔ̃ bu ɖem keŋkeŋ#38.15: Hebri-gbe Biblia be: Malé ɖokuinye kpoo azɔ le nye agbenɔɣi katã.
elabe nye luʋɔ le veve sem.
16O Aƒetɔ, nu siawo tae
ame nɔa agbe ɖo,
eye esiawo katã me nye gbɔgbɔ
le agbe le.
Eya ta da gbe le ŋunye,
eye na manɔ agbe.
17Kpɔ ɖa, mese veve ŋutɔ;
ke nye dedienɔnɔ tae.
Wò ŋutɔe ɖe nye luʋɔ tso gbegblẽ me,
elabe etsɔ nye nuvɔ̃wo ƒu gbe ɖe megbewò.
18 #
Sir 17.27; Bar 2.17. Tsiẽƒe mate ŋu ada akpe na wò o;
ku Saɖagatsi mate ŋu akafu wò o;
aʋlimeyilawo mate ŋu akpɔ mɔ na wò
nyateƒetɔnyenye o.
19Agbenɔla, agbenɔlawo koe ada akpe na wò
abe ale si mele ewɔm egbee ene.
Vi tɔe ɖea wò nyateƒetɔnyenye fiaa viawo.
20Aƒetɔ axɔ nam,
eye míadzi ha aƒo kasaŋkuwo
le míaƒe agbenɔɣi katã
le Aƒetɔ ƒeme.
21Azɔ Yesaya gblɔ be: “Na woatsɔ gbotitsetsebolo aɖo ƒoƒoeawo dzi ne wòahaya.” 22Tete Xizkiya hã bia be: “Nu kae anye dzesi be mayi Aƒetɔ ƒeme?”
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.