رفتن به محتوا

Yesaya 33

33
Gbedodoɖa hena kpekpeɖeŋu
1Baba na wò nugblẽla
si womegblẽ o la.
Wò amedeasila
si womede asi o.
Ne èdzudzɔ nugbegblẽ la,
woagblẽ wò.
Ne ètasi amedede asi la,
woade wò asi.
2Aƒetɔ, wòe míele mɔ kpɔm na;
ve mía nu.
Do ŋusẽ mí ŋdi sia ŋdi.
Xɔ na mí, ne míexaxa.
3Ne èɖe gbe la,
dukɔwo sína.
Ne ètsi tsitre la,
dukɔwo kana gbẽe.
4Woaƒo nu siwo mieha la nu ƒu
abe ale si adeɛfɔnake ƒoa nu ƒui ene,
eye woadze edzi
abe ale si ʋetsuvi tia kpo
dzea nu dzii ene.
5Wodo Aƒetɔ ɖe dzi
elabe ele dziƒo ke.
Ana ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe
kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ nayɔ Zion taŋ.
6Ana nàli ke le agbe me
xɔname, nunya kple sidzedze asɔ gbɔ na wò.
Aƒetɔ -vɔvɔ̃e nye eƒe kesinɔnu.
7Kpɔ ɖa, kalẽtɔwo le ɣli dom le xexe.
Amedɔdɔ siwo he ŋutifafanya vɛ la
le avi fam hehehe.
8Mɔ gãwo zu gbegbe;
mɔzɔla aɖeke megale wo dzi tom o.
Wotu nubablawo,
wodo vlo ɖasefowo,
eye bubu aɖeke megale gbetɔ ŋu o.
9Anyigba la le nu xam,
eye wòle veve sem.
Lebanon tɔtɔ,
eƒe lã me gbã.
Saron zu abe kegbegbe ene,
eye Basan kple Karmel lũ xe.
Aƒetɔ gbe nya na eƒe futɔwo
10Aƒetɔ be:
“Azɔ matso,
makɔ ɖokuinye ɖe dzi azɔ;
matsi tsitre azɔ.
11Miefɔ nutsro ƒe fu,
miedzi ahɔliti takpoe;
miaƒe gbɔgbɔ nye dzo si afiã mi.
12Dukɔwo anɔ abe akalo mee
womè wo le ene;
abe aŋɔka si wolã de dzo me la ene.”
13Mi ame siwo le didiƒe ʋĩi,
mise nu si mewɔ la.
Mi ame siwo le kpuiƒe,
miʋu eme be nyee nye ŋusẽtɔ.
14Vɔvɔ̃ ɖo nuvɔ̃wɔlawo le Zion,
dzidzi ƒo Mawu mavɔ̃lawo:
“Mia dometɔ kae anɔ dzo binu gbɔ?
Mia dometɔ kae anɔ dzo
si le xɔxɔm tegbetegbee la gbɔ?”
15Ame si zɔna le nu dzɔdzɔe wɔwɔ me,
eye wògblɔa nyateƒe;
ame si tsri viɖekpɔkpɔ to ameteteɖeto me;
ame si ʋuʋua asi
be yemaxɔ zãnu o;
ame si xea asi to me
be yemase ʋukɔɖinya o;
ame si miaa ŋku
be yemakpɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ o la,
16eyae anɔ kɔkɔƒewo.
Mɔ́ siwo anɔ agakpewo dzi la
anye eƒe sitsoƒe.
Woana eƒe nuɖuɖui,
eye tsi anɔ esi ɖaa.
Atsyɔ̃nu siwo gbɔna
17Wò ŋkuwo akpɔ fia la
le eƒe atsyɔ̃ me.
Woakpɔ anyigba si keke
yi didiƒe ʋĩi ke la.
18Àde ŋugble le ŋɔdzi la ŋu abia be:
“Afi kae nuxlẽla la le?
Afi kae nudala si xɔa adzɔ la le?
Afi kae ame si xlẽa xɔ tsralawo la le?”
19Màgakpɔ dukɔ mabuame
si ƒe gbegbɔgblɔ me mekɔ o,
eye womate ŋu ase eme la o,
dukɔ si kɔkɔna,
eye womate ŋu ase eƒe nuƒo me o la, azɔ o.
20Kpɔ Zion-du
si nye míaƒe ŋkekenyui ɖuƒe la ɖa!
Wò ŋkuwo akpɔ Yerusalem,
nɔƒe si zi ɖoɖoe;
agbadɔ si womakaka o la wònye;
eƒe tsyotiwo maho o,
eye eƒe kawo matso o.
21Ke boŋ Aƒetɔ anye fia na mí le afi ma.
Teƒe si tɔsisi gãwo kple tɔʋuwo sí to
eye atablukulawo loo,
alo tɔdziʋu gãwo mato wo dzi o la.
22Elabe Aƒetɔ nye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la,
Aƒetɔ ye nye mía dziɖula,
Aƒetɔ ye nye míaƒe fia.
Eyae laɖe mí.
23Wò kaawo me gbɔdzɔ.
Womegate ŋu abla abalati la sesĩe,
eye womahe abala la me o.
Ekema woama aboyonu kple nu gbogbo
siwo woha la;
bunɔ gɔ̃ hã aha nu.
24Dua me tɔ aɖeke magblɔ be:
“Mele dɔ lém” o.
Woatsɔ ame siwo le eme la
ƒe nuvɔ̃ ake wo.