Yesaya 21
21
Ŋutega le Babilon ƒe gbagbã ŋuti
1Gbedeasi ɖe atsiaƒu nu gbedadaƒo ŋu.
Abe ale si yali ƒona
toa anyigbemekegbegbe yinae ene la,
nenemae dzɔgbevɔ̃e tso anyigba dziŋɔ aɖe
dzi gbɔna.
2Woɖe ŋutega sesẽ aɖe fiam:
Nuhala, haa nu.
Nugblẽla, gblẽa nu.
Elam, ho va!
Media, ɖe to ɖe eŋu!
Metsi hũɖeɖe siwo katã wòhe vɛ la nu.
3Eya ta ali tsom,
eye mese veve helihelĩ
abe funɔ si le ku lém la ene.
Metɔtɔ,
nyemegale nu sem o.
Dzidzi ƒom,
nyemegale nu kpɔm o.
4Nye susu wɔ tramaa;
nye lã me ble fu,
eye wona fiẽ si ŋu
mele ŋu ɖom ɖo la,
zu ŋɔdzi lém.
5Woɖo kplɔ̃ heɖo kplɔ̃dzivɔwo;
woɖu nu, no nu.
Dumegãwo, mitso;
misi ami na akpoxɔnuawo!
6Elabe Aƒetɔ la gblɔ nam be:
“Yi nàɖo gbetakpɔla
ne wòaɖe gbeƒã nu si wòkpɔ la.
7Ne ekpɔ sɔdolawo le ha me eveve,
tedzidolawo le tedziwo dzi,
kposɔdolawo le kposɔwo dzi la,
neke to ɖi nyuie,
neƒu to anyi nyuie.”
8Tete gbetakpɔla la do ɣli
abe dzata ene ɖa be:
“Aƒetɔ, menɔ te ɖe gbetakpɔƒe la
tso ŋkeke yi ŋkeke,
eye teƒe ma ko menɔ zãwo katã.”
9 #
Nyaɖ 14.8; 18.2. Kpɔ ɖa, sɔdolawo ƒe hae nye ekem
le eveve gbɔna ɖa!
Tete wògblɔ be:
“Egbã, Babilon gbã!
Womu eƒe legbawo katã ƒu anyi!”
10Ao, nye ame siwo wogbã gudugudu,
nye ame siwo wogbɔ abe lu ene,
nya si mese tso Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu gbɔ lae
meɖe gbeƒã na mi.
Gbedeasi tso Edom ŋu
11Gbedeasi tso Duma ŋu.
Ame aɖe yɔm
tso Edom bia be:
“Dzɔla, zã va yi vɔa?
Ŋukeɣi ɖoa?”
12Dzɔla la ɖo eŋu be:
“Esusɔ vie, ŋu nake,
ke zã gale dodo ge.
Ne biabia aɖe le asiwò la,
gatrɔ va bia.”
Gbedeasi tso Arabia ŋu
13Gbedeasi sia tso Arabia ŋu.
Dedantɔwo, mi ame siwo ƒe asihawo
tsi Arabia-kegbegbe dɔ.
14Mi Tema ƒe anyigbadzitɔwo,
miku tsi yi ɖakpe ame tsikɔwuiawo,
mitsɔ nuɖuɖu yi ɖakpe aʋasílawoe!
15Elabe yiwo nu wosí le:
yi si woɖe le aku me,
dati si me wovu ɖe wo ŋu
kple aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzi nue wosí le.
16Tete Aƒetɔ la gblɔ nam be: “Le ƒè ɖeka me tututu abe ƒèdɔwɔla ƒe dɔwɔɣi ene la, Kedar ƒe ŋusẽwo katã nu ayi. 17Kedarviwo ƒe aʋawɔlawo ƒe dati susɔeawo azu ʋɛ, elabe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu lae gblɔe.”
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.