رفتن به محتوا

Yesaya 15

15
Mawu atsrɔ̃ Moab-nyigba
1 # Yes 25.10-12; Yer 48.1-47; Xez 25.8-11; Amos 2.1-3; Zef 2.8-11. Gbedeasi ɖe Moab ŋu.
Wogbã Ar le zã me;
Moab dɔ̃!
Wogbã Kir le zã me;
Moab dɔ̃!
2Dibon#15.2: DIBON: Gɔmeɖeɖe aɖewo be Dibon vinyɔnuvi.
yi nuxeƒewo gɔ̃ hã be yeaɖafa avi.
Moab le avi fam sesĩe
le Nebo kple Medeba duwo ta.
Amewo katã lũ ta kokoe,
eye woƒlɔ ge.
3Wosa akpanya ɖe ali
le ablɔwo me.
Le xɔtawo kple kpɔdomeewo la,
ame sia ame le avi fam,
aɖatsi le dodom yoyoyo.
4Xesbon kple Eleale le asi ƒum nu,
eye wose woƒe ɣli
le keke Yahaz ke.
Eya ta Moab-ʋawɔlawo do ɣli,
eye eƒe luʋɔ ʋuʋu.
5Nye dzi le nu xam le Moab ŋu,
eƒe amewo sí aʋa yi Zoar
kple Eglat etɔ̃lia ke.
Elabe wole avi fam
le Luxit-to dzi mɔ la dzi
elabe konyifaɣli le ɖiɖim le wo nu
le Xoronaim-mɔta.
6Elabe tsi mie le Nimrim-tɔʋu la me,
gbe ƒu, gbe fɛ̃ ku,
eye nu mumu aɖeke megali o.
7Eya ta woƒo woƒe kesinɔnuwo nu ƒu
kple nunɔamesiwo katã,
eye wosí to amutitɔʋu la me dzo yi.
8Elabe konyifaɣli ɖi
kpe Moab-nyigba ɖo.
Ɣli de Elglayim ke,
eye wòɖo Beer-Elim gɔ̃ hã.
9Elabe ʋu yɔ Dibon-tɔʋuwo me taŋ;
ke magahe dzɔgbevɔ̃e ava Dibon dzi.
Makplɔ dzata ade Moab
ƒe ame síaʋawo
kple ame siwo susɔ
ɖe anyigba la dzi kokoko.