Agbalẽ si woŋlo ɖo ɖe Hebritɔwo 2
2
Agbexɔxɔ gã la
1Le esia ta, ele na mí be míalé fɔ ɖe nya siwo míese la ŋu nyuie. Ne menye nenema o la, míatra tso wo gbɔ. 2Elabe nenye be gbedeasi si mawudɔlawo xɔ vɛ la nye nyateƒe, eye ne ame aɖe da vo alo sẽ to la, wohea to nɛ ɖe enu pɛpɛpɛ la, 3ale ke míawɔ así le tohehe nu, ne miegbe toɖoɖo agbexɔxɔnya gã sia mahã? Aƒetɔ la ŋutɔe gblɔ agbexɔxɔ sia ƒe nya gbã, eye ame siwo see le enu la hã va ɖo kpe edzi na mí be enye nyateƒe. 4Mawu tsɔ dzesiwo kple nukunuwo kpakple ŋusẽdɔ vovovowo hã ɖi ɖase le agbexɔxɔ sia ŋu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nunana si wòma ɖe eya ŋutɔ ƒe didi nu, na amewo la hã ɖo kpe agbexɔxɔ gã sia dzi.
Ame si kplɔa mí yia agbexɔxɔ sia gbɔe
5Menye mawudɔlawo tee Mawu tsɔ xexe si le vava ge, si ƒe nya gblɔm míele la, dee o. 6#Ps 8.4-6. Ke mawunya ƒe akpa aɖe ɖi ɖase gblɔ be:
“Nu kae nye amegbetɔ,
be wò ŋku le eŋu.
Nu ka koŋ ye nye amegbetɔ vi,
be nèléa be nɛ?
7Èbɔbɔe ɖe anyi ɣeyiɣi kpui aɖe wu mawudɔlawo.
Ke nèva tsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ
abe fiakuku ene,#2.7: Mawunyagbalẽ xoxo aɖewo tsɔe kpee be: “Eye nètsɔe ɖo wò asinudɔwɔwɔwo katã nu.”
8eye nèna wòɖu nuwo katã dzi.”
Azɔ la, nenye be wona wòɖu nuwo katã dzi la, ke naneke meli si dzi mekpɔ ŋusẽ ɖo o. Ale si nuwo le fifia la, medze ƒãa na mí haɖe be ekpɔ ŋusẽ ɖe nuwo katã dzi o. 9Ke Yesu sia, si wobɔbɔ ɖe anyi wu mawudɔlawo ɣeyiɣi kpui aɖe ko la, míekpɔ be Mawu tsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ abe fiakuku ene. Ale le Mawu ƒe amenuveve ta la, ekpe fu heto eme ku ɖe amewo katã ta.
10Esɔ be Mawu, ame si wɔ nuwo katã, eye wòlé wo ɖe te la, nana be Kristo nade blibo to fu siwo wòkpe la me, ale be wòakplɔ ame siwo nye Mawu viwo la vɛ, be woava kpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe la me. 11Elabe eya ame si kɔa amewo ŋu kple ame siwo ŋu wòkɔ la siaa dzɔƒe ɖekae li na wo. Eya tae menye ŋukpe nɛ be wòayɔ wo be ye nɔviwo o. 12#Ps 22.22. Ale egblɔ be:
“Maɖe gbeƒã wò ŋkɔ na nɔvinyewo,
eye mí kple hametɔwo
míadzi ha akafu wò.”
13 # Yes 8.17;
Yes 8.18. Egagblɔ be: “Maɖo dzi ɖe Mawu ŋu”, eye wògagblɔ hã be: “Nye kple vi siwo Mawu tsɔ nam lae nye esi.”
14Esi vi siwo wòwɔnɛ la nye amegbetɔwo henye ŋutilã kple ʋu ta la, Yesu hã trɔ zu amegbetɔ, eye wònɔ agbe abe woawo ke ene. Ewɔ esia ale be to eƒe ku me wòatsrɔ̃ Abosam, ame si si ku ƒe ŋusẽ le la. 15Gawu la, Yesu wɔ esia be ame siwo katã vɔ̃a ku le woƒe agbenɔɣi bliboa me la, nadzudzɔ kuvɔvɔ̃ keŋ. 16#Yes 41.8, 9.Le nyateƒe me la, menye mawudɔlawoe wòva xɔxɔ ge na o, ke boŋ Abraham ƒe dzidzimeviwoe. 17Eya ta ele be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le mɔ sia mɔ nu, ale be wòate ŋu azu nunɔlagã si kpɔa nublanui na ame, eye wòsubɔa Mawu nyateƒetɔe bene wòana woaɖe amewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa. 18Esi eya ŋutɔ hã kpe fu, eye wotee kpɔ ta la, ete ŋu kpena ɖe ame siwo wotena kpɔ la ŋu.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.