Esta G 5
5
KPEKPEƉEŊU Ɖ
Fia la xɔ Esta
1-4 Le ŋkeke etɔ̃a gbe, esi wòwu eƒe gbedodoɖa nu vɔ la, Esta ɖe eƒe awu siwo me wònɔ wɔ subɔsubɔ la ɖi, eye wòtsɔ awu xɔasi, nyakpɔ aɖe do. Tete wògaɖo atsyɔ̃ le fianyɔnuwu me. Esi wòyɔ Mawu si kpɔa nuwo katã kple Xɔla la vɔ la, ekplɔ nyɔnuvi subɔla eve ɖe asi. Evĩa ɖe ame ɖeka ŋu dzaa be yeanɔ te, esime ekemɛ ya lé eƒe awuto kplɔe ɖo. 5 Ame bliboa le keklẽm le eƒe tugbedzedze ta, eye eƒe dzidzɔkpɔkpɔ dze le mo nɛ abe ame si wolɔ̃ ŋutɔ la ene, gake vɔvɔ̃ na ame bliboa fa yrɔ. 6 Esi wòto ʋɔtruawo katã me yi vɔ la, etɔ ɖe fia la ŋgɔ. Fia la bɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi le atsyɔ̃wuwo me, awu siwo ŋuti sika kple kpe xɔasiwo le fũu la; eɖi vɔvɔ̃ ŋutɔ.
7 Fia la fɔ mo dzi; eƒe mo biã le eƒe gãnyenye nu. Ekpɔ fianyɔnu la kple dziku helihelĩ. Fianyɔnu la yrɔ le vɔvɔ̃ ta. Eƒe mo trɔ. Egbɔdzɔ eye wòdze anyi, bu ɖe eɖokui ɖe nyɔnuvi subɔla si le ŋgɔ nɛ la ƒe ta dzi. 8 Tete Mawu trɔ fia la ƒe gbɔgbɔ wòzu ame fatu bɔkɔɔ aɖe. Elulu, tso kpla le eƒe fiazikpui la dzi, eye wòlé Esta ɖe eƒe abɔwo me va se ɖe esime wòɖo eɖokui me. Efa akɔ nɛ kple dzideƒonyawo gblɔ nɛ be: 9-10 “ Esta, nu kae dzɔ? Nye srɔ̃wòe. Lé dzi ɖe ƒo. Màku o, elabe míaƒe se la lɔ mía tenɔlawo ɖeɖe ko ɖe eme. Te va.”
11-12 Tete wòkɔ eƒe sikafiatikplɔ la ɖe dzi, eye wòtsɔe ka eƒe kɔ ŋuti. Ekpla asi kɔ nɛ, gblɔ be: “Ƒo nu nam.” 13-14 Fianyɔnu la gblɔ nɛ be: “Mekpɔ wò, nye aƒetɔ, abe Mawu ƒe dɔla ene, eye nye dzi ʋuʋu kple vɔvɔ̃ le wò bubu ta, elabe èwɔ nuku, nye aƒetɔ. Wò mo yɔ taŋ kple amenuveve.” 15-16 Esime wòle nu ƒom la, ebu ɖe eɖokui eye wòdze anyi. Tete fia la tsi dzimaɖeɖi, eye eƒe subɔlawo katã te kpɔ be yewoafa akɔ nɛ.
KPEKPEƉEŊU Ɖ ƑE NUWUWU
Esta kpe fia la kple Haman va nuɖuƒe
17 #
Mar 6.23. 3 Fia la gblɔ nɛ be: “Esta, nu ka dim nèle? Nu kae nye wò biabia? Woana wò, ne eganye nye fiaɖuƒea ƒe afã gɔ̃ hã.” 18 Esta gblɔ be: “Egbe nye ŋkeke tɔxɛ aɖe nam. Ne edze fia ŋu la, nena eya kple Haman woava nuɖukplɔ̃ si maɖo egbe la ŋu.” 19 Tete fia la gblɔ be: “Mikplɔ Haman vɛ kaba, ale be míate ŋu awɔ ɖe Esta ƒe didiwo dzi nɛ.” Ale wo ame eve la va nuɖuƒe si Esta gblɔ la. 20 Esi wonɔ wain nom la, fia la gblɔ na Esta be: “Nu ka wònye, fianyɔnu Esta? Woawɔe na wò la.” 21 Ebe: “Nye didi kple nye biabiae nye esi: 22 “Ne fia kpɔ ŋudzedze le ŋunye le eŋkume la, ekema fia kple Haman negava nuɖukplɔ̃ si maɖo na wo etsɔ la ŋu. Etsɔ la, mawɔ abe ale si mewɔ egbe ene.”
Haman ɖo nugbe be yeawu Mardoxai
23 Ale Haman do go tso fia la gbɔ kple dzidzɔ; eƒe dzi vu gblotoo. Gake esi wòkpɔ Mardoxai, Yudatɔ la, le fiasãa ƒe xɔxɔnu la, dzi kui ŋutɔ. 24 Ke hã la, eyi aƒeme eye wòyɔ xɔlɔ̃awo kple srɔ̃a Zosara. 25 Eƒo nu na wo tso eƒe gakpɔkpɔ kple ale si fia la tsɔ bubu da ɖe eyama dzi la ŋui kple ale si wodoe ɖe ŋgɔ wòzu ame gbãtɔ le fiaɖuƒe la me lae. 26 Haman gblɔ be: “Fianyɔnu la mekpe ame aɖeke kpe ɖe fia ŋu, ne wòava nuɖuƒea o, negbe nye ko, eye wògakpem etsɔ hã. 27 Gake nu siawo medo dzidzɔ nam o, zi ale si megale Mardoxai, Yudatɔ la, kpɔm le xɔxɔnua.” 28 Srɔ̃a Zosara kple xɔlɔ̃awo gblɔ nɛ be: “Nà ne woawɔ ati si ƒe kɔkɔme nanye meta bla eve vɔ eve la vɛ. Ŋdi me la, gblɔ na fia la be wòade ka ve na Mardoxai ɖe eŋu. Ale nàyi nuɖuƒe la kple fia la dzidzɔtɔe.” Nuxlɔ̃amenya siawo dze Haman ŋu, eye wotu ati la.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.