Esta G 1
1
KPEKPEƉEŊU A
Mardoxai ƒe drɔ̃e
1 Le Artaxerxes Gãtɔ ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè evelia me, le ɣleti Nisan ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Mardoxai, Yair vi, si tɔ́a nye Simei, ame si nye Kis vi tso Benyamin-to la me la, ku drɔ̃e aɖe. 2 Enye Yudatɔ si nɔ Susa-du me, eye wònye amegã si subɔna le fiasã la me. 3 Ele aboyome siwo Babilonia-fia Nebukadnezar lé kplɔ dzoe tso Yerusalem kpe ɖe Yuda-fia Yekoniya ŋu la dome. Eƒe drɔ̃e lae nye esi: 4 Gbeɖiɖiwo kple zitɔtɔ, dziɖegbe kple anyigbaʋuʋu kpakple ʋunyaʋunya le anyigba dzi! 5 Tete ʋɔdriba eve zɔ va ŋgɔgbe. Wo kple eve la le klalo be yewoawɔ avu. Woɖe gbe sesĩe ŋɔdzitɔe. 6 Le woƒe gbeɖeɖea me la, dukɔ ɖe sia ɖe dzra ɖo na aʋawɔwɔ kple dukɔ si wɔa nu dzɔdzɔe la. 7 Ŋkeke sia nye viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi ŋkeke, nuxaxa kple vevesese ŋkeke, fukpekpe kple zitɔtɔ gã ŋkeke le anyigba dzi! 8 Dukɔ si wɔa nu dzɔdzɔe la katã tsi dzimaɖi. Wovɔ̃ nuvɔ̃ɖi siwo do ŋɔdzi na wo la eye wodzra ɖo be yewoatsrɔ̃. 9 Tete wodo ɣli na Mawu. Le ɣlidodoa me la, tɔsisi gã aɖe do kple tsi bababa, togbɔ be eƒe dzɔƒe le sue ko hã.
10 Kekeli do, ɣe dze, eye wodo ame siwo bɔbɔ wo ɖokui la ɖe dzi. Wotsrɔ̃ ame siwo ŋu bubu le la.
11 Mardoxai kpɔ nu si Mawu ɖo kplikpaa be yeawɔ la le drɔ̃e sia me. Esi wòfɔ la, elée ɖe tame henɔ ale si wòase egɔme tsitotsito la dim ŋkeke blibo la.
Nugbeɖoɖo ɖe fia la ŋu
12 Azɔ Mardoxai ɖi ɖe eme le xɔxɔnu la kple Gabata kpakple Tara, fia la ƒe ame tata eve siwo dzɔa xɔxɔnua ŋu. 13 Eƒe to fi dze si ɖom wole ɖaa la se, eye wòbia nu si gblɔm wole la wo. Eva nya be wole dzadzram ɖo be yewoalé fia Artaxerxes, eye wòna nyanya fia la tso wo ŋuti. 14 Tete fia la ku nu me kple ame tata eveawo, esi woʋu woƒe nuvɔ̃wo me la, wokplɔ wo yi be woaɖa wu wo. 15 Fia la lé nya siawo ɖi eye Mardoxai ŋlɔ nutsotso le wo ŋu ɖi. 16 Fia la ɖe gbe na Mardoxai be wòasubɔ le xɔxɔ nu la, eye wòɖo nu siwo wòwɔ teƒe nɛ. 17 Gake Hamedata vi, Haman si nye Bogetɔ wona ŋkɔe be Dàdala ame si ŋu bubu le ŋutɔ le fia la gbɔ la ɖoe kplikpaa be yeawɔ nu vevi Mardoxai kple eƒe amewo ɖe fia la ƒe ame tata eveawo wuwu ta.
KPEKPEƉEŊU A ƑE NUWUWU
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.