رفتن به محتوا

Nyagblɔla Salomo 8

8
1Ame kae le abe nunyala ene?
Ame kae se nuwo ƒe gɔmeɖeɖe me?
Nunyae nana be ame ƒe mo klẽna,
eye wòɖea moyɔyɔ ɖa.
Ðo to fia la
2Wɔ ɖe fia ƒe ɖoɖo dzi le atamkaka kɔkɔe la ta, 3mègayɔ be yeadzo le egbɔ o. Ne nya aɖe menyo o la, mègalé eme goŋgoŋ o, elabe fia la ate ŋu awɔ nu sia nu si wòlɔ̃. 4Elabe ŋusẽ le fia ƒe nya ŋu, eye ame kae abiae be: “Nu kae nye esia wɔm nèle?” 5Ame si wɔ ɖe fia ƒe se dzi la, vɔ̃ aɖeke mawɔe o. Nunyala anya ɣeyiɣi kple ʋɔnudrɔ̃ɣi. 6Esi ɣeyiɣi kple nyametsotso li na nu sia nu ta la, amegbetɔ ƒe nuvɔ̃ zu agba ɖe edzi. 7Nyateƒe amegbetɔ menya nu si ava dzɔ etsɔ la o. Ame kae ate ŋu atoe nɛ? 8Ame aɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe yaƒoƒo dzi ne wòaxe mɔ nɛ o. Ame aɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe kugbe dzi o. Womenaa mɔkeke asrafo le aʋakpeɣi o, eye nuvɔ̃ɖi wɔwɔ meɖea ewɔla o. 9Esi melé ŋku ɖe nu siwo katã amewo wɔna le ɣea te ŋu la, mede dzesii be ne ame kpɔ ŋusẽ ɖe ehavi dzi la, ewɔa nu vevi eɖokui.
Ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo
10Azɔ mekpɔ ale si woɖi ame vɔ̃ɖiwoe. Le woƒe agbenɔɣi la, wodea Mawu ƒe kɔkɔeƒe la enuenu, eye wokafua wo le du si me wowɔ nuvɔ̃ɖi le la me. Esia hã nu dzodzro ko wònye. 11Elabe esi afia menya tsona le nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o ŋuti la, eya tae amegbetɔ ɖoa nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe dzime. 12Togbɔ be nuvɔ̃wɔla wɔa nuvɔ̃ zi alafa, ke enɔa agbe didi hã la, nye ya menyae be eme anyo na ame siwo vɔ̃a Mawu, elabe wosía eŋkume. 13Gake dzɔgbe nyui matu nuvɔ̃ɖi wɔla o, eye eƒe agbenɔŋkeke siwo le abe vɔvɔli ene la, madidi o, elabe nuvɔ̃ɖi wɔla mevɔ̃a Mawu o.
14Nu dzodzro aɖe hã dzɔna le anyigba dzi. Ame dzɔdzɔe aɖewo li siwo dzi nya dzɔna ɖo abe ame vɔ̃ɖi wonye ene. Nenema ke ame vɔ̃ɖi aɖewo hã li siwo dzi nya dzɔna ɖo abe ame dzɔdzɔe wonye ene. Mebe esia hã nye nu dzodzro ko! 15Eya ta meda asi ɖe dzidzɔkpɔkpɔ dzi elabe naneke menyo na amegbetɔ be wòawɔ le ɣea te wu be wòaɖu nu, ano nu, akpɔ dzidzɔ o. Elabe esia koe nye eƒe agbedɔ metsonu si Mawu tsɔ de esi le ɣea te la.
16Esi mede ŋugble be manya nu si tututu nye nunya, ne makpɔ nu siwo amegbetɔwo le wɔwɔm le anyigba dzi, zã kple keli, hetsi alɔ̃madɔ la, 17mekpɔ dze sii le Mawu ƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu be ame aɖeke mate ŋu anya ta le nu siwo le edzi yim le ɣea te la nu o. Ale ke kee gbetɔ dze agbagba be yease nuwo gɔmee hã la, mate ŋu anya ta le wo nu gbeɖe o. Togbɔ be nunyala gblɔna be yenya nane hã la, mate ŋu ase Mawu ƒe dɔwɔwɔwo gɔme akpɔ o.