Barux 1
1
Barux kple Yudatɔwo le Babilonia
1 #
Yer 36.4. Esiawoe nye agbalẽ si Barux ŋlɔ le Babilonia la me nyawo. Barux nye Neriya vi. Neriya nye Maseya vi. Maseya nye Zedekiya vi. Zedekiya nye Hasadiya vi eye Hasadiya nye Hilkiya vi. 2Barux ŋlɔ agbalẽ sia le ɣletia ƒe ŋkeke adrẽlia dzi, le ƒè atɔ̃lia me#1.2: Ƒe siae nye Babilonia-fia Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui asiekelia., le ɣeyiɣi si me Babiloniatɔwo ho aʋa ɖe Yerusalem ŋuti hetɔ dzoe.
3 #
Fia II, 24.8-17. Barux xlẽ agbalẽ sia me nyawo na Yekoniya, Yuda-fia, Yehoyakim vi kple na ame siwo katã va be yewoaɖo to agbalẽa me nyawo. 4Exlẽe na bubumewo kple fiaƒomeawo, ame tsitsiwo; na ame sia ame ko, sueawo kple gãawo siaa. Ame siwo katã le Babilonia le Sud-tɔsisi la to la va see.
5Tete wofa avi, tsi nu dɔ eye wodo gbe ɖa le Aƒetɔ la ŋkume. 6Wodzɔ ga home si ame sia ame ate ŋu ana la. 7Wotsɔ ga sia ɖo ɖe nunɔlagã Yehoyakim kple nunɔlawo katã kpakple ame siwo katã li kplii le Yerusalem. Yehoyakim nye Hilkiya vi, ame si hã nye Salum vi. 8Le ɣeyiɣi ma ke me, le ɣleti Sivan#1.8: Sivan: Ɣleti sia sɔ kple Eʋe-ɣletiwo Damɛ kple Masa. ƒe ŋkeke ewolia dzi la, Barux tsɔ kplu siwo le Aƒetɔ la ƒe aƒeme, be yeatrɔ wo aɖo ɖe Yuda-nyigba dzi. Wotsɔ kplu siawo dzoe tsã le gbedoxɔa me. Klosalokplu siawo la, Zedekiya, Yuda-fia si nye Yosiya vi lae wɔ wo. 9Zedekiya wɔ kplu siawo le ɣeyiɣi si me Nebukadnezar, Babilonia-fia kplɔ Yekoniya kple fiaƒomeawo kple gaxɔmenɔlawo kple bubumewo kpakple ame siwo le anyigba la dzi la tso Yerusalem yi aboyo me le Babilonia#1.9: Nu sia dzɔ ƒe 586 do ŋgɔ na Kristo la dzidzi. la megbe.
Agbalẽ si woɖo ɖe Yerusalem
10Wogblɔ le agbalẽa me be: Míele ga sia ɖom ɖe mi. Mitsɔe ƒle numemevɔsanuwo kple nuvɔ̃vɔsanuwo kpakple lifi eye miawɔ nukuvɔsawo atsɔ sa vɔe le Aƒetɔ, mía Mawu la ƒe vɔsamlekpui la dzi. 11Mido gbe ɖa ɖe Babilonia-fia, Nebukadnezar ƒe agbe ta, via Beisazar ƒe agbe ta, ale be woƒe ŋkekewo le anyigba dzi nate ŋu anɔ abe ŋkekewo le dziƒo ene. 12Aƒetɔ la ana ŋusẽ mí eye wòana míaƒe ŋkuwo dzi nakɔ. Míanɔ agbe le Babilonia-fia Nebukadnezar kple via Beisazar ƒe dzikpɔkpɔ te. Míasubɔ wo ŋkeke geɖewo, eye míawɔ nu wòadze wo ŋu. 13Mido gbe ɖa hã ɖe mía ta na Aƒetɔ, mía Mawu la, elabe míewɔ nuvɔ̃ ɖe eŋuti. Va se ɖe egbe sia hã la, Aƒetɔ la ƒe dziku kple dɔmedzoe metrɔ le mía yome o. 14Edze be miaxlẽ agbalẽ si ɖom míele ɖe mi la sesĩe aʋu miaƒe nuvɔ̃wo me le Aƒetɔ la ƒe aƒe la me le azãɖugbewo kple ɣeyiɣi tɔxɛwo dzi.
Nuvɔ̃meʋuʋu
(Mos V, 28.15-68; Yer 11.3-5)
15Migblɔ be: “Aƒetɔ, mía Mawu la tɔ dzɔ, eye ŋukpe gã aɖe le mía dzi egbea. Ŋukpe lé Yudatɔwo kple Yerusalemnɔlawo. 16Ŋukpe lé míaƒe fiawo, mía dziɖulawo, míaƒe nunɔlawo, mía Mawu ƒe gbeƒãɖelawo kple mía tɔgbuiwo, 17elabe míewɔ nuvɔ̃ le Aƒetɔ la ŋkume. 18Míegbe toɖoɖo eyama. Mímede Aƒetɔ, mía Mawu la ƒe gbe tame be míazɔ ɖe Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo siwo wòwɔ na mí la nu o. 19Tso ɣeyiɣi si me ke ko Aƒetɔ la kplɔ mía tɔgbuiwo do go tso Egipte-nyigba dzi va se ɖe egbe sia la, míeɖo to Aƒetɔ, mía Mawu la o. Míesẽ to eye míegbe eƒe gbedziwɔwɔ. 20#Mos V, 28.15-68.Ɖe esia ta dzɔgbevɔ̃e kple fiƒode siwo Aƒetɔ la gblɔ to eƒe subɔla Mose dzi ɖe mía ŋu la le mía ŋu ɖim va se ɖe egbe. Egblɔ esia le ɣe si ɣi Aƒetɔ la kplɔ mía tɔgbuiwo do goe le Egipte-nyigba dzi, be yeatsɔ anyigba si yɔ fũu kple notsi kpakple anyitsi la na mí. 21Míeɖo to Aƒetɔ, mía Mawu la ƒe gbe to nya siwo katã eƒe gbeƒãɖela siwo woɖo ɖe mí la gblɔ na mí la dzi o. 22Ke boŋ mí katã míewɔ ɖe míawo ŋutɔ mía ƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe nu siwo woɖo na mí la dzi le mawu bubuwo subɔm, hele nu si vɔ̃ɖi la wɔm le Aƒetɔ, mía Mawu la ŋkume.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.