رفتن به محتوا

Amos 8

8
Amos kpɔ kusi si me kutsetsewo le la le ŋutega me
1Aƒetɔ Mawu la gaɖe nu bubu fiam le ŋutega me. Le eme la, mekpɔ kusi aɖe si me kutsetse ɖiɖiwo le. 2Aƒetɔ bia be: “Amos, nu kae nye esia?” Meɖo eŋu be: “Kusie, kutsetse ɖiɖiwo le eme.” Tete Aƒetɔ gblɔ nam be:
“Nye dukɔ Israel gbãɣi ɖo.
Nyemagaɖe asi le nu si meɖo be mawɔ la ŋu
azɔ gbeɖe o.
3Konyifahawo aɖi kple ɣli le mawuxɔ me hawo teƒe gbe ma gbe.”
Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
“Ame kukuwo asɔ gbɔ ɣe ma ɣi,
eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe afi sia afi.
Ðoɖoe azi toŋ.”
Mawu ahe to na Israel-dukɔ
4Mise nya sia, mi ame siwo fanyaa hiãtɔwo,
eye miena ame dahewo le aya ɖum le dukɔa me.
5Mi ame siwo le gbɔgblɔm be:
“Gbe ka gbe gɔ̃ dzinu dzedzi ŋkekenyui nu ayi
ne míadzra nukuwo?
Ɣe ka ɣi dzudzɔgbe nu ayi,
be míaʋu míaƒe avawo
ne míadze nudzadzra gɔme?
Ɣe ma ɣi la, míatò nudzidzenuwo ɖe me,
míadzi asi ɖe edzi,
eye míaŋe nudanu ɖe me atsɔ ba míaƒe nuƒlelawoe.
6Míadzra bli gbegblẽ asi gãe.
Míaƒle ame dahe ɖe klosaloga ƒe fe nu,
eye míaƒle hiãtɔ ɖe atokota dodo ɖeka ƒe asi nu.”
7Aƒetɔ, ame si dzi Yakob dàna ɖo la, tà eɖokui gblɔ be:
“Ne maŋlɔ woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ be fĩi!
8Ɖe anyigba maʋuʋu le esia ta,
eye ame sia ame afa konyi le anyigba dzi,
eye dukɔ blibo la aʋuʋu, aho dzekee adze me
abe ale si Nil-tɔsisi dzea agbo,
gadzea kɔ anyi ene oa?”
9Gbe ma gbe la, mana ɣe naɖo to le ŋdɔ me,
eye zãdokeli ado.
Aƒetɔ Mawu lae gblɔe.
10Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiwo woazu konyifaɣiwo,
eye miaƒe dzidzɔhawo azu avihɛwo.
Mana mialũ ta, ata akpanya,
eye mianɔ abe dzila siwo le konyi fam
na wo vi ɖeka hɔ̃ ene.
Ŋkeke bliboa awu enu le vevesese gã me.
11Aƒetɔ be:
“Kpɔ ɖa, ɣeyiɣi aɖe li gbɔna
esime mana dɔ nato le anyigba dzi.
Menye nu, ame nakpɔ aɖu alo tsi,
ame nakpɔ ano ƒe dɔe ato o,
ke boŋ Aƒetɔ ƒe nya, ame nakpɔ ase
ƒe dɔe le toto ge.
12Amewo azɔ tramatrama tso atsiaƒu nu ayi atsiaƒu nu,
eye woatsa tsa glãla tso dzigbeme ava yi ɣedzeƒe.
Woatsa tso afii ayi afi mɛ
anɔ Aƒetɔ ƒe nya ko dim be yewoase,
gake womakpɔe ase o.
13Le ɣe ma ɣi me la, tsikɔ awu ɖetugbi nyakpɔwo
kple ɖekakpui sesẽwo gɔ̃ hã, woaku ƒenyi.
14Ame siwo tàa Samaria-legbawo gblɔna be:
‘Míetà Dan ƒe mawu!’
alo ‘Míetà Beer-Seba ƒe mawu!’ la, adze anyi,
eye womagafɔ akpɔ gbeɖe o.”