رفتن به محتوا

Amos 1

1
1 # Fia II, 15.1-7; Kron II, 26.1-23; Fia II, 14.23-29. Amos, ame si nɔ alẽkplɔlawo dome, tso Tekoa ƒe nyawoe nye esiawo. Wonye nya siwo wòkpɔ ku ɖe Israel-dukɔ ŋuti ƒe eve hafi anyigba nava ʋuʋu. Ɣe ma ɣi la, Uziya nye Yuda-fia, eye Yerobeam, Yoas vi, nye Israel-fia.
2 # Yoel 3.16. Amos be:
“Aƒetɔ le gbe ɖem abe dzata ene
le Zion-to dzi,
eƒe gbe de dzi
le Yerusalem.
Lãkplɔviwo ƒe gbeɖuƒewo fa konyi,
eye Karmel tame yrɔ.”
Mawu ahe to na dukɔ siwo ƒo xlã Israel-dukɔ
Siria
3 # Yes 17.1-3; Yer 49.23-27; Zax 9.1. Aƒetɔ be:
“Damaskotɔwo wɔ nuvɔ̃ nuvɔ̃wo,
eye wogale wo wɔwɔ dzi.
Eya ta mahe to na wo godoo,
elabe wowɔ funyafunya Gileadtɔwo vevie.
4Le esia ta, mana dzo afiã fia Xazael ƒe aƒe,
eye Ben-Hadad ƒe mɔ́ sesẽwo abi dzo keŋkeŋ.
5Maŋe gameti siwo le Damasko-du
ƒe agbowo ŋu la klíklikli,
atsrɔ̃ Aven, nuvɔ̃ɖi wɔbalia me nɔlawo
kple fiatikplɔtsɔlawo le Bet-Eden.
Woaɖe aboyo Siriatɔwo
ayi Kir-nyigba dzi.”
Aƒetɔ lae gblɔe.
Filistia
6 # Yes 14.29-31; Yer 47.1-7; Xez 25.15-17; Yoel 3.4-8; Zef 2.4-7; Zax 9.5-7. Aƒetɔ be:
“Gazatɔwo wɔ nuvɔ̃ nuvɔ̃wo,
eye wogale wo wɔwɔ dzi.
Eya ta mahe to na wo godoo.
Woɖe aboyo dukɔ blibo,
eye wokplɔ wo abe kluviwo ene
ɖade asi na Edomtɔwo.
7Le esia ta, mana dzo afiã dua ƒe gliwo,
eye wòabi eƒe mɔ́ sesẽwo keŋkeŋ.
8Matsrɔ̃ Asdodnɔlawo,
eye maɖe Askalon-fia la ɖa.
Mahe to na Ekron-du,
eye Filistitɔ siwo susɔ la atsrɔ̃.”
Aƒetɔ Mawulae gblɔe.
Tiro
9 # Yes 23.1-18; Xez 26.1—28.19; Yoel 3.4-8; Zax 9.1-4; Mat 11.21, 22; Luk 10.13, 14. Aƒetɔ be:
“Tirotɔwo wɔ nuvɔ̃ nuvɔ̃wo,
eye wogale wo wɔwɔ dzi.
Eya ta mahe to na wo godoo.
Elabe wogbe ŋkuɖoɖo nɔvinu, si wobla la dzi wɔwɔ,
eye woɖe aboyo dukɔ blibo,
kplɔ wo abe kluviwo ene
heyi ɖade asi na Edomtɔwo.
10Le esia ta, mana dzo afiã Tiro-du ƒe gliwo,
eye wòabi eƒe mɔ́ sesẽwo keŋkeŋ.”
Edom
11 # Yes 34.5-17; 63.1-6; Yer 49.7-22; Xez 25.12-14; 35.1-15; Oba 1.1-14; Mal 1.2-5. Aƒetɔ be:
“Edomtɔwo wɔ nuvɔ̃ nuvɔ̃wo,
eye wogale wo wɔwɔ dzi.
Eya ta mahe to na wo godoo.
Woti wo nɔviwo#1.11: WO NƆVIWO: Israelviwo nye Yakob ƒe dzidzimeviwo, eye Edomtɔwo nye Esau ƒe dzidzimeviwo. Azɔ, Yakob kple Esau la, dadaviwo wonye. yome vevie
be yewoatsrɔ̃ wo kple yi,
eye womekpɔ nublanui na wo kura o.
Wodo dɔmedzoe ɖe wo ŋu helihelĩ,
eye woƒe dzi de fafa ge do kpoe.
12Le esia ta, mana dzo afiã Teman,
eye wòabi Bozra ƒe mɔ́ sesẽwo keŋkeŋ.”
Amon
13 # Yer 49.1-6; Xez 21.28-32; 25.1-7; Zef 2.8-11. Aƒetɔ be:
“Amontɔwo wɔ nuvɔ̃ nuvɔ̃wo,
eye wogale wo wɔwɔ dzi.
Eya ta mahe to na wo godoo.
Esime wonɔ woƒe dziɖuƒe kekem ɖe enu la,
wodze ƒo le Gilead funɔwo nu.
14Le esia ta, mana dzo afiã Raba-du ƒe gliwo,
eye wòabi eƒe mɔ́ sesẽwo keŋkeŋ.
Aʋaɣli aɖi, ahom atu ŋɔdzitɔe,
15eye woakplɔ woƒe fia la
kple eŋumewo siaa ayi aboyo mee.”
Aƒetɔ lae gblɔe.