رفتن به محتوا

Samuel II 24

24
David xlẽ dukɔmetɔwo
(Kron I, 21.1-27)
1Aƒetɔ gado dziku ɖe Israel ŋu eye wòdɔ David ɖe wo ŋu. Egblɔ nɛ be: “Yi nàɖaxlẽ ame siwo katã le Israel kple Yuda.” 2Ale David gblɔ na aʋakɔ la ƒe tatɔ Yoab be: “Yi nàɖatsa le Israel-toawo katã me tso Dan va se ɖe Beer-Seba, eye nàxlẽ dukɔa me tɔwo. Medi be manya woƒe xexlẽme.” 3Ke Yoab ɖo eŋu na fia la be: “Fia Bubutɔ, Aƒetɔ, wò Mawu la nena dukɔa me tɔwo nadzi ɖe dzi zi alafa wu ale si wole fifia, eye nena nànɔ agbe akpɔe. Evɔ ɖe, nu ka ta Fia Bubutɔ di be yeawɔ nu sia tɔgbe?” 4Ke fia la zi Yoab kple eƒe aʋakplɔlawo dzi be woawɔ yeƒe nya la dzi. Ale wodzo yi be yewoaɖaxlẽ Israel-dukɔa me tɔwo. 5Wotso Yordan-tɔsisi la dze egɔme tso Aroer kple du si le balia titina ɖo ta Gad le Yazer gbɔ. 6Woto Gilead va Kades le Xititɔwo ƒe nutome, eye wova Dan hetrɔ ɖo ta Sidon. 7Azɔ woɖo ta anyigbeme kegbegbe va ɖo Tiro, mɔ́du la gbɔ heto Xivitɔwo kple Kanaantɔwo ƒe duwo katã me, eye mlɔeba la wova ɖo Beer-Seba le anyigbeme le Yuda. 8Wotsa le dukɔ bliboa me ɣleti asieke kple ŋkeke bla eve, eye wogbugbɔ va Yerusalem. 9Yoab yi fia la gbɔ eye wòna nutsotso le amexexlẽ la ŋu ale: Ame siwo ate ŋu ayi aʋa le Israel-dukɔ me le akpe alafa enyi, eye esiwo ate ŋu ayi le Yuda le akpe alafa atɔ̃.
10Esi David xlẽ dukɔmetɔawo vɔ la, eƒe dzitsinya de asi fuɖeɖe me nɛ, eye wògblɔ na Aƒetɔ be: “Mewɔ nuvɔ̃ gã aɖe be mewɔ nu sia, eya ta meɖe kuku, tsɔe kem. Mewɔ lãnu ŋutɔ.”
11Esi David fɔ le ŋdi me la, Aƒetɔ ƒo nu kple gbeƒãɖela Gad, David ƒe nukpɔla be: 12“Yi nàɖagblɔ na David be, Aƒetɔ be, Nu etɔ̃ metsɔ le ŋkuwò me ɖom; tsɔ ɖeka ne mawɔ wò.’ ” 13Gad yi egbɔ eye wògblɔ Aƒetɔ ƒe nya la nɛ hebiae be: “Ka nàtsɔ? Dɔwuame neva wò anyigba dzi ƒe etɔ̃#24.13: ETƆ̃: Gɔmeɖeɖe xoxo aɖewo (kpɔ Kron I, 21.12) be “Etɔ̃”. Le Hebri-gbe me la, wobe “adre”. loo, alo ànɔ sísim le wò futɔwo nu, woaɖe wò ɖe nu ɣleti etɔ̃ loo, alo dɔ vɔ̃ neva wò anyigba dzi ŋkeke etɔ̃a? Azɔ bu eŋu ne nàgblɔ nya aɖe nam mayi ɖagblɔ na ame si dɔm ɖa!”
14David ɖo eŋu be: “Mexaxa ŋutɔ. Nyemedi be amegbetɔ nahe to nam o. Medi be Aƒetɔ ŋutɔ nahe to na mí elabe amenuvela wònye.”
15Ale Aƒetɔ na dɔ vɔ̃ ɖo Israel-dukɔmetɔawo dome tso gbe ma gbe ŋdi va se ɖe ɣeyiɣi si wòɖo la dzi. Ame akpe bla adrẽ ku le dukɔa me godoo tso Dan va se ɖe Beer-Seba. 16Esi Aƒetɔ ƒe dɔla yi be yeagblẽ nu le Yerusalem la, Aƒetɔ gbugbɔ le tohehe si wòdi be yeana wo la yome, eye wògblɔ na mawudɔla si le wo wum la be: “Esɔ gbɔ! Mègagblẽ nu yi edzi o.” Aƒetɔ ƒe dɔla la le Yebusitɔ Arawna ƒe lugbɔƒe gbɔ.
17Esi David kpɔ mawudɔla si le ame wum la, egblɔ na Aƒetɔ be: “Nyee wɔ nuvɔ̃. Nyee da vo. Nu ka ame gblɔe siawo, siwo le abe alẽ ene la wɔ? Meɖe kuku, he to na nye kple tɔ́nye ƒe aƒe ko.”
18Gad va David gbɔ gbe ma gbe ke hegblɔ nɛ be: “Yi ɖe Arawna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe eye nàɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Aƒetɔ.” 19David wɔ Aƒetɔ ƒe gbe dzi abe ale si Gad gblɔ nɛ ene. 20Esi Arawna fɔ kɔ dzi la, ekpɔ fia la kple eƒe dɔlawo gbɔna ɖe egbɔ. Arawna zɔ ɖe wo dzi eye wòbɔbɔ de ta agu na David, 21hegblɔ be: “Nu ka ta nye aƒetɔ fia va eƒe dɔla gbɔ?”
David ɖo eŋu be: “Ɖe meva be maƒle lugbɔƒe la ne maɖi vɔsamlekpui ɖe afii na Aƒetɔ, ale be dɔ vɔ̃ la nu natso.”
22Arawna gblɔ na David be: “Na nye aƒetɔ fia naxɔe tsɔ sa vɔ lae faa ale si dze ŋuwò. Lé nyitsu siawo nàsa numemevɔe. Woƒe kɔkutiwo kple luƒoʋuƒowo nye esiawo; tsɔ wo nàdo dzo lae.” 23Arawna tsɔ nuawo katã na fia la eye wògblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, wò Mawu la, nèxɔ wò nunana la.”
24Ke fia la ɖo eŋu na Arawna be: “Gbeɖe, ɖe mele wo ƒle ge axe fea. Nyemasa numemevɔ na Aƒetɔ, nye Mawu la femaxee o.” Ale David ƒle lugbɔƒe la kple nyitsuawo klosaloga bla atɔ̃. 25Tete wòɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Aƒetɔ, eye wosa numemevɔ kple ŋutifafavɔ. Aƒetɔ se eƒe gbedodoɖa ɖe dukɔa ta, eye dɔ vɔ̃ la nu tso le Israel.