Samuel II 21
21
Wowu Saul ƒe dzidzimeviwo
1Le David ŋɔli la, dɔ to ƒe etɔ̃ sɔŋ. Ale David yi ɖabia gbe Aƒetɔ, eye Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Saul kple eƒe ƒome lae do hlɔ̃ elabe ewu Gibeontɔwo.” 2Gibeontɔwo metso Israelviwo ƒe to aɖeke me o. Wonye Amoritɔwo ƒe hatsotso aɖe si susɔ ɖi, eye Israelviwo do ŋugbe na wo be yewoagblẽ wo ɖi. Ke le ŋuʋaʋã si le Saul me ɖe Israelviwo kple Yuda ŋu ta la, edi be yeawu wo keŋ. Ale fia la yɔ Gibeontɔwo 3eye wògblɔ na wo be: “Nu ka mawɔ na mi? Nu ka matsɔ afa dzi na mi be miayra Aƒetɔ ƒe dukɔ la?” 4Woɖo eŋu be: “Nya si ɖo mía kple Saul kple eƒe ƒomea dome la, menye klosalo kple sika tsɔtsɔ fa dzi na ame ƒe nyae wònye o. Gawu hã, míele ame aɖeke hã dim be míawu le Israel o.”
David ɖo eŋu be: “Ke nu ka miedi be mawɔ na mi?” 5Woɖo eŋu be: “Saul wu mí eye wòɖoe be yeatsrɔ̃ mí míavɔ keŋ ale be mía dometɔ aɖeke naganɔ Israel-nyigba dzi o. 6Azɔ la, miɖe Saul viŋutsuwo dometɔ adrẽ vɛ na mí, be míade ka ve na wo ɖe dzi, le ati ŋu, le Aƒetɔ ŋkume le Gibea, si nye Saul, Aƒetɔ ƒe ame tiatia la, ƒe du me.” Fia la ɖo eŋu be: “Maɖe wo vɛ na mi.”
7 #
Sam I, 20.15-17; Sam II, 9.1-7. Le atam si David kple Yonatan ka na wo nɔewo ta la, David ve Mefiboset, Yonatan vi, si nye Saul ƒe tɔgbuiyɔvi la nu eye meɖe eya na o. 8#Sam I, 18.19. Ke fia la lé Armoni kple Mefiboset siwo nye Aya vinyɔnu Rizpa, viŋutsu eve siwo wòdzi na Saul. Azɔ egalé Saul vinyɔnu Merab viŋutsu atɔ̃awo, siwo wodzi na Mexolatitɔ Adriel, Barzilai vi. 9Etsɔ wo de asi na Gibeontɔwo eye wode ka ve na wo ɖe dzi, le ati ŋu, le toa dzi le Aƒetɔ ŋkume; wo ame adrẽ la ku zi ɖeka. Wowu wo le nuŋeɣi esime nuŋeŋe dze egɔme.
10Tete Aya vinyɔnu, Rizpa tsɔ akpanya wɔ nɔƒe ɖe agakpe si dzi ame kukuawo le la dzi, eye wònɔ afi ma tso nuŋeɣi la ƒe gɔmedzedze va se ɖe esime tsi de asi dzadza me le tsidzaɣi. Enyaa xeviwo ɖa le ame kukuawo ŋu le ŋkeke me, eye le zã me la, ekpɔa egbɔ be gbemelãwo mete ɖe wo ŋu o. 11Esi David se nu si Rizpa, Saul ƒe ahiãvia wɔ la, 12#Sam I, 31.8-13. eyi ɖaxɔ Saul kple via Yonatan ƒe ƒuwo le Yabes-Gileadtɔwo si. Wofi ƒuawo le ablɔ me le Bet-San, afi si Filistitɔwo wu Saul le Gilboa-to dzi le. 13David tsɔ Saul kple via Yonatan ƒe ƒuwo tso afi ma vɛ, eye wòƒo ame adrẽ siwo wode ka ve na la hã ƒe ƒuwo nu ƒu. 14Woɖi Saul kple via Yonatan ƒe ƒuawo ɖe tɔ́a Kis ƒe ameɖiƒe le Zela le Benyamin-nutome, eye wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ abe ale si fia la di tso wo si ene. Esi wowɔ alea vɔ megbe la, Mawu gaɖo dukɔa ƒe gbedodoɖa ŋu nɛ.
David wɔ aʋa kple ame dzɔtsuwo le Filistia
(Kron I, 20.4-8)
15Aʋa gadzɔ ɖe Filistitɔwo kple Israelviwo dome, eye David kple eƒe aʋawɔlawo yi ɖakpe aʋa kple Filistitɔwo. Le aʋa la me la, ɖeɖi va te David ŋu, 16eye Yisbinob, ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka di be yeawui. Ŋutsua ƒe akplɔ ƒe kpekpeme le akɔbli kilo etɔ̃ kple afã eye wòkpla yi yeye. 17#Fia I, 11.36; Ps 132.17. Ke Zeruya vi, Abisai va xɔ na David hewu Filistitɔ la. Esia megbe la, David ƒe aʋawɔlaawo na wòka atam na wo. Wogblɔ nɛ be: “Èle abe akaɖi ene na Israel-dukɔa. Màgayi aʋa kpli mí azɔ gbeɖe o. Ne menye nenem o la, woaɖe wò ɖa le mía dome.”
18Emegbe wogawɔ aʋa bubu kple Filistitɔwo le Gob. Le aʋa sia me la, Sibekai, Xusatitɔ la wu Saf, ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka.
19Israelviwo gawɔ aʋa kple Filistitɔwo le Gob, eye Elxanan, Yaare-Orgim#21.19: YAARE-ORGIM: Gɔmeɖeɖe si wòanye. (Kpɔ Kron I, 20.5) lae nye Yair. Woŋlɔ ɖe Hebri-gbe me be “Yaare-Orgim”. vi tso Betlehem wu Goliat, Gatitɔ ame si ƒe akplɔti le abe abaladoti ene. 20Eyome wogawɔ aʋa bubu le Gat. Wodo go ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimeviawo dometɔ ɖeka le afi sia. Edzɔ atsu ŋutɔ eye wòto asibidɛ adeade kple afɔbidɛ adeade. 21Eɖu fewu le Israel-dukɔ ŋu. Tete Yonatan, David nɔvi Simea vi wui.
22Ame ene siawo nye ame dzɔtsu siwo le Gat la ƒe dzidzimeviwo, eye David kple eƒe aʋawɔlaawo wu wo.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.