رفتن به محتوا

Samuel II 10

10
David ɖu Amonviwo kple Siriatɔwo dzi
(Kron I, 19.1-19)
1Emegbe la Amonviwo ƒe fia Naxas ku, eye via Xanun va zia dzi ɖe eteƒe. 2Fia David gblɔ be: “Ele be mawɔ nuteƒe na Xanun abe ale si tɔ́a Naxas wɔ nuteƒe nam ene.” Ale David dɔ amewo ɖa be woaɖafa akɔ nɛ le tɔ́a ƒe ku ta. Esi David ƒe amedɔdɔawo va ɖo Amon la, 3woƒe dumegãwo gblɔ na woƒe fia be: “Ɖe nèbu be bubue David di be yeade tɔ́wò ŋu, eya ta wòdɔ amewo ɖa be woava fa akɔ na wòa? Menye nenemae o. Ke boŋ ɖe wòdɔ eƒe dɔlawo ɖa be woava dzro dua me, atsa ŋku le eme ale be wòate ŋu ava xɔe.” 4Tete Xanun lé David ƒe amedɔdɔawo, ƒlɔ ɖe sia ɖe ƒe ge afã, lã woƒe awu ɖe domedomee ɖe agɔnu eye wòdo mɔ wo. 5Ŋukpe lé amedɔdɔawo ale gbegbe be wode tɔtrɔ ge agbɔ va aƒe do kpo. Esi David se nu si dzɔ ɖe wo dzi la, edɔ ame ɖa woɖagblɔ na wo be woanɔ Yerixo, womegagbɔ haɖe o, va se ɖe esime woƒe ge nagato hafi woagbɔ.
6Esi Amonviwo kpɔ be yewozu David ƒe futɔwo la, woyi ɖatsɔ Siria-srafo afɔzɔla akpe bla eve, Maxa-fia ƒe asrafo akpe ɖeka kple Tob-srafo akpe wui eve. 7David see, ale wòdɔ Yoab kple eƒe aʋakɔ blibo la ɖa. 8Tete Amonviwo ho va dze aʋa ɖe agboa nu, ke Siria-srafo siwo tso Zoba kple Rexob kpakple esiwo tso Tob kple Maaxa la va le aʋagbea dzi wotɔxɛwotɔxɛe.
9Esi Yoab kpɔ be wodze aʋa ɖe ye ŋgɔ kple ye megbe la, etia asrafo kalẽtɔwo le Israel eye wòna woawo dze ŋgɔ Siriatɔwo. 10Ke etsɔ aʋakɔ si susɔ la de nɔvia Abisai si, be eya nadze ŋgɔ Amonviwo. 11Yoab gblɔ nɛ be: “Ne Siriatɔwo le dzinye ɖum la, nàva xɔ nam, eye ne Amonviwo le dziwò ɖum la, mava xɔ na wò. 12Lé dzi ɖe ƒo! Na míaʋli míaƒe dukɔ la kple Mawu ƒe duwo ta. Aƒetɔ nena eƒe lɔlɔ̃nu nava eme.”
13Esi Yoab kple eƒe aʋakɔ la ho be yewoaɖakpe aʋa kple Siriatɔwo la, Siriatɔwo sí le wo nu. 14Amonviwo kpɔ be Siriatɔwo sí eya ta woawo hã sí le Abisai nu yi dua me. Ale Yoab trɔ le Amonviwo yome va Yerusalem.
15Siriatɔwo kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi, ale woƒo woƒe aʋakɔwo nu ƒu. 16Fia Hadadezer dɔ ame ɖa be woana Siriatɔ siwo le Frat-tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe gome la naho ava Xelam. Hadadezer ƒe aʋakplɔla Sobax le aʋakɔawo nu. 17Esi David se nyaa la, eƒo Israel-ʋakɔwo nu ƒu, eye wotso Yordan-tɔsisi la va Xelam afi si Siriatɔwo dze aʋa ɖo. Aʋa la dze egɔme, 18ke Siriatɔwo sí le Israelviwo nu. David kple eƒe amewo wu Siriatɔwo ƒe tasiaɖam me nɔla alafa adrẽ kple sɔdola akpe ene. Wode abi Sobax, woƒe aʋakplɔla ŋu eye wòku ɖe gbea dzi. 19Esi fia siwo katã le Hadadezer te la kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi la, wowɔ ŋutifafa kpli wo eye wova zu wo teviwo. Le vɔvɔ̃ ta, Siriatɔwo megakpena ɖe Amonviwo ŋu azɔ o.