رفتن به محتوا

Petro ƒe Agbalẽ Evelia 1

1
1Agbalẽ sia tso nye Simon Petro, Yesu Kristo ƒe dɔla kple amedɔdɔ gbɔ.
Mele eŋlɔm ɖo ɖe mi ame siwo ƒe asi su xɔse si le tè abe mía tɔ ene la dzi la, le mía Mawu kple Xɔla Yesu Kristo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta.
2Mawu negave mia nu ɖe edzi, eye wòana ŋutifafa mi zã, be miagadze si eyama kple Yesu, mía Aƒetɔ la geɖe wu.
Ale si Mawu yɔ amewo hetia woe
3Mawu tsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ na nu siwo katã míehiã le agbe me la mí faa, be míate ŋu anɔ agbe asubɔe. Ewɔ esia elabe míedze si eya, ame si yɔ mí be míava kpɔ gome le eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe kple nyonyo me la. 4Mawu to mɔ sia dzi na nunana xɔasi vavãtɔ siwo ŋugbe wòdo la mí, ale be miate ŋu ato nunana siawo dzi así le nudzroame vɔ̃ɖi siwo tsrɔ̃a ame le xexea me la nu, eye miava zu ame siwo akpɔ gome le Mawu ƒe dzɔdzɔme la me. 5Le susu vevi sia ta la, midze agbagba miatsɔ nyuiwɔwɔ akpe ɖe miaƒe xɔse ŋu. Nenema ke nunya nekpe ɖe nyuiwɔwɔ ŋu; 6ɖokuidziɖuɖu nekpe ɖe nunya ŋu; dzidodo nekpe ɖe ɖokuidziɖuɖu ŋu; mawuvɔvɔ̃ nekpe ɖe dzidodo ŋu; 7nɔviwɔwɔ nekpe ɖe mawuvɔvɔ̃ ŋu, eye lɔlɔ̃ nekpe ɖe nɔviwɔwɔ ŋu. 8Ne nɔnɔme siawo su mia si hexɔ aƒe ɖe mia me keŋ la, woana miaƒe nuwɔna me nakɔ, eye miaɖe vi, esi miedze si mía Aƒetɔ Yesu Kristo ta. 9Elabe ne nɔnɔme siawo mesu ame aɖe si o la, ekema eƒe ŋkuwo gbã vɔ, eye magate ŋu akpɔ nu le didiƒe o. Ame sia ŋlɔ be, be woklɔ nuvɔ̃ siwo yewɔ kpɔ la ɖa le ye ŋu. 10Eya ta nɔvinyewo, mido ŋusẽ nu vevie wu tsã, tsɔ ɖo kpe edzi be ale si Mawu yɔ mi, hetia mi la le eteƒe, elabe ne miewɔ esia la, miele megbe de ge tso ame si dzi miexɔ se la gbɔ akpɔ o. 11Ale woaʋu mɔ na mi siaa be miage ɖe mía Aƒetɔ kple Xɔla Yesu Kristo ƒe fiaɖuɖu mavɔ la me.
12Togbɔ be mienya nu siawo xoxo, eye mieli ke zã ɖe nyateƒe si miexɔ la me hafi hã la, meɖoe be manɔ ŋku ɖom wo dzi na mi ɣe sia ɣi. 13Mekpɔ be esɔ be zi ale si megale agbe la, enyo be manɔ ŋku ɖom nu siawo dzi na mi, anɔ mia nyɔm. 14Elabe mía Aƒetɔ Yesu Kristo ɖee fiam be eteƒe madidi kura hafi maku o. 15Esia ta medi be makpɔ egbɔ be le nye ku megbe la, miate ŋu anɔ ŋku ɖom nu siawo dzi edziedzi.
Ame siwo kpɔ Kristo ƒe ŋutikɔkɔe la teƒe
16Nya si míegblɔ na mi le ale si mía Aƒetɔ Yesu Kristo le vava ge ŋusẽtɔe ŋu la, menye ŋutinya kpakpa si wokpa aɖaŋutɔe la mee míeɖee le gblɔ na mi o. Míawo ŋutɔe kpɔ eƒe bubu, atsyɔ̃ kple ŋusẽ la tututu kple ŋku hafi gblɔe na mi. 17#Mat 17.1-5; Mar 9.2-7; Luk 9.28-35. Míele eteƒe gbe ma gbe, esime Mawu Tɔ́ la tsɔ bubu kple ŋutikɔkɔe nɛ. Gbe ɖi tso Ŋutikɔkɔekatãtɔ la gbɔ va nɛ be: “Vinye lɔlɔ̃e nye esia; mekpɔ ŋudzedze le eŋu!” 18Míawo ŋutɔe se gbeɖiɖi sia tso dziƒo, esime míele Yesu gbɔ le to kɔkɔe la dzi. 19Ale wɔ míawo boŋ míeva ka ɖe gbedeasi si Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ɖe gbeƒãe la dzi wu gɔ̃ hã. Midze agbagba mialé be na gbedeasi la abe akaɖi si le keklẽm le viviti me la ene, va se ɖe esime fɔŋli naɖo, eye ŋukeɣletivi la nadze ɖe miaƒe dzime. 20Nu vevitɔ si wòle be mianya lae nye be ame aɖeke ŋutɔ metsona ko ɖea Mawu ƒe gbedeasi si woŋlɔ ɖi gɔme le eɖokui si o. 21Elabe Mawu ƒe gbedeasi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me woɖe gbeƒãe kpɔ o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae nana be amewo ɖea gbeƒã gbedeasi si tso Mawu gbɔ la.