رفتن به محتوا

2Makabeowo 8

8
Yuda Makabeo ƒe aglãdzedze
(Mak I, 3.1-26)
1Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda, ame si woyɔna hã be Makabeo kple eŋutimewo tsa le adzame tso kɔƒe me yi kɔƒe me, ƒo ame abe akpe ade ene nu ƒu, le woƒe ƒometɔwo kple ame siwo galé Yudatɔwo ƒe xɔse me ɖe asi la dome. 2Woɖe kuku na Aƒetɔ la vevie be wòakpɔ dukɔ si amewo katã te ɖe anyi la ɖa, eye wòakpɔ nublanui na gbedoxɔ si mawumavɔ̃lawo ƒo ɖii la ɖa. 3Wobia be wòakpɔ nublanui na du si gbãm wole be wòasɔ kple anyigba, eye wòase ʋu siwo le ɣli dom nɛ la ƒe gbe. 4Wobiae hã be wòaɖo ŋku vidzĩ maɖifɔ siwo wotsrɔ̃ sedzidatɔe la dzi kple busunya siwo wogblɔ ɖe eŋkɔ ŋu, eye wòaɖee afia be yetsri nuvɔ̃ɖi.
5Esi Makabeo nyagbe ƒo eƒe aʋawɔlawo nu ƒu vɔ ko la, ame siwo menye Yudatɔwo o la megate ŋu nɔ te ɖe enu o, elabe Aƒetɔ la ƒe dɔmedzoe trɔ zu nublanuikpɔkpɔ. 6Edzea amewo dzi le vo me, tɔa dzo duwo kple kɔƒewo. Exɔ teƒe siwo amewo hoa aʋa tsonɛ eye menye futɔ ʋɛ aɖewo ko wònyàna dzonae o. 7Ekpɔ be hoho ɖe futɔwo ŋu sia dzea edzi sãa wu le zã me. Ale eƒe kalẽwɔwɔ ɖi hoo de afi sia afi.
Ptolemi ɖo Nikanor ɖa be wòawɔ aʋa kple Yuda
(Mak I, 3.38-41)
8Esi Filipo kpɔ be Yuda le dzi ɖum vivivi, eye teƒe siwo xɔm wòle la le ta kekem to dziɖuɖu me edziedzi la, eŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Ptolemi, Koelesiria kple Feonikia nutomedziɖula be wòava akpe ɖe fia la ŋu, aʋli eƒe dziɖuɖua ta. 9Tete Ptolemi tia Nikanor, Patroklo vi, ame si nye fia la xɔlɔ̃ vevitɔwo dometɔ ɖeka enumake. Eɖoe ɖa kple aʋakɔ si ƒe xexlẽme mele sue wu ame akpe bla eve o tso ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe dukɔ vovovowo dome be woaɖatsrɔ̃ Yudea-dukɔ bliboa. Etɔ asi Gorgias, aʋakplɔlagã si bí ɖe aʋawɔwɔ me la dzi be wòakpe ɖe eŋuti. 10Nikanor ɖoe kplikpaa be yeakpɔ klosaloga kilo akpe bla ade vɔ enyi tso kluvi siwo yealé, adzra le Yudatɔwo dome la atsɔ ana duga si wòle be fia la naxe na Romatɔwo la me. 11Eɖo du ɖe ƒutaduwo me enumake, kpe wo be woava ƒle Yuda-kluviwo. Edo ŋugbe be yeadzra kluvi bla asieke hena klosaloga kilo ɖeka. Ke menɔ mɔ kpɔm na Ŋusẽkatãtɔ la ƒe tohehe si ava edzi la o.
Yuda se nu tso Nikanor ƒe ɖoɖowo ŋu
(Mak I, 3.42-54)
12Du va ɖo Yuda gbɔ be Nikanor ho aʋa, eye esi wòna exɔlɔ̃wo nya nu tso aʋakɔa ƒe vava ŋu la, 13ame siwo nye vɔvɔ̃nɔtɔwo kple ame siwo meka ɖe Mawu ƒe nuteƒewɔwɔ dzi o la, sí dzo. 14Ame aɖewo dzra woƒe nunɔamesi susɔeawo, eye wogaɖe kuku hã na Aƒetɔ la be wòaxɔ na ame siwo Nikanor, mawumavɔ̃la la dzra hafi wòdo go wo ŋutɔ gɔ̃ hã. 15Wodo gbe ɖa hã be Aƒetɔ la nexɔ na yewo, ne menye ɖe yewo ŋutɔ ta o la, ekema neɖo ŋu nu si wòbla kple yewo tɔgbuiwo kple ale si Mawu ŋkɔ le kɔkɔe eye wòdze be woabu eye wòyɔ woe be woanye yeƒe dukɔ la ta. 16Ke Makabeo ya ƒo ƒu eƒe aʋakɔ, ame akpe ade, eye wòde dzi ƒo na wo. Egblɔ be womegavɔ̃ futɔwo alo ame siwo menye Yudatɔwo o ƒe ameha gã si ho ɖe wo ŋu ŋɔdzitɔe la o, ke boŋ woawɔ aʋa bubutɔe. 17Eɖo ŋku edzi na wo be ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe gbɔɖiɖi kɔkɔeƒe la, si mele se nu o, ale si wowu amewo le dua me hedo kokoe, eye gawu la, ale si woxe mɔ na wo be womaganyi wo tɔgbuiwo ƒe kɔwo o la, nanɔ ŋku dzi na wo. 18Egblɔ be: “Elabe woawo la, wole dzi dom ɖe aʋawɔnuwo kple nu siwo wodo dzi wɔ la ŋu, ke míawo ya, míeɖoa dzi ɖe Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la ŋu, eya ame si ate ŋu atsrɔ̃ ame siwo katã ho aʋa ɖe mía ŋu, le aɖabaƒoƒo ɖeka me, kple xexe blibo la gɔ̃ hã ŋu, ne ehiã la.”
19Hekpe ɖe esiawo ŋu la, Yason ɖo ŋku edzi na wo, ale si, le ɣeyiɣi aɖewo me la, Mawu kpe ɖe wo tɔgbuiwo ŋui; le Sanaxerib ŋɔli la, ame akpe alafa ɖeka kple bla enyi vɔ atɔ̃ ye tsrɔ̃. 20Azɔ le aʋa si wowɔ kple Galatiatɔwo le Babilonia-nyigba dzime la, Yudatɔ ame akpe enyi kple Makedoniatɔ akpe ene wɔ ɖeka kpe aʋa kpli wo. Gake esi womimi Makedoniatɔwo la, ame akpe enyi, to kpekpeɖeŋu si va na wo tso dziƒo me la, wowu Galatiatɔ ame akpe alafa ɖeka bla eve eye woxɔ aboyonu geɖe fũu hã.
Yuda ɖu Nikanor dzi
21Yuda de dzi ƒo na wo kple nya siawo, eye wòde dzo wo me be woanɔ klalo be yewoaku ɖe yewoƒe sewo kple yewoƒe dukɔ la ta. Tete wòma eƒe aʋakɔ la ɖe akpa ene me. 22Etsɔ nɔviawo Simon, Yosef kple Yonatan ɖo mamawo nu ɖekaɖekae. Ame akpe ɖeka alafa atɔ̃ nɔ ame ɖe sia ɖe ƒe kpɔkplɔ te. 23#Mak I, 3.48.Eɖoe na Eleazar ya be wòaxlẽ nu sesĩe tso agbalẽ kɔkɔe la me, eye wòna ŋudzɔnɔnya wo be: “Mawu ƒe kpekpeɖeŋu”. Tete eya ŋutɔ dze ŋgɔ na aʋakɔa ƒe mama gbãtɔ eye wòkpe aʋa kple Nikanor.
24To Ŋusẽkatãtɔ la dzi abe woƒe kpeɖeŋutɔ ene la, wowu futɔwo wú ame akpe asieke, eye wode abi ame akpa gãtɔ ŋu le Nikanor ƒe aʋakɔa dome, xɔ ŋusẽ le ame geɖe si eye wozi wo dzi woka hlẽ. 25Wolé ame siwo va be yewoaƒle wo abe kluviwo ene la, xɔ woƒe ga le wo si. Esi woti wo yome ɖaɖo didiƒe la, ele na wo be woagbugbɔ va megbe elabe zã le dodom. 26Gbe ma gbee nye ŋkeke si do ŋgɔ na dzudzɔgbe la, eye ɖe esia ta la, womeyi wo yometiti dzi o. 27Esi woƒo ƒu futɔwo ƒe aʋawɔnuwo eye woɖe wo ŋutinuwo la, woɖu dzudzɔgbe la. Wokafu Aƒetɔ la boboobo eye woda akpe na, eya ame si ɖe wo gbe ma gbe, ahadze nublanuikpɔkpɔ na wo gɔme. 28Esi dzudzɔgbe la va yi la, wotsɔ aboyonuawo ƒe ɖewo na ame siwo wowɔ funyafunyae, ɖewo na ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo eye woma susɔeawo ɖe woawo ŋutɔ kple wo viwo dome. 29Esi wowɔ esia la, wobia Aƒetɔ, nublanuikpɔla la le haho gbedodoɖa aɖe me be wòagawɔ ɖeka bliboe kple yewoƒe subɔlawo.
Yuda ɖu Timoteo kple Baxides dzi
30Esi wokpe aʋa kple Timoteo kple Baxides ƒe aʋakɔwo la, wowu ame wú akpe bla eve le wo dome, eye woxɔ woƒe du aɖewo siwo woɖo gli sesẽ kɔkɔwo ƒo xlã. Woma nu gbogbo siwo woxɔ le aʋa la me la sɔsɔe ɖe ame siwo wowɔ funyafunyae, tsyɔ̃eviwo, ahosiwo, ame tsitsiwo kple woawo ŋutɔ dome. 31Woƒo ƒu futɔwo ƒe aʋawɔnu siwo woxɔ la, eye wodzra wo ɖo kple beléle ɖe teƒe siwo woanɔ dedie le. Wotsɔ aboyonu mamlɛawo yi ɖe Yerusalem. 32Wowu Timoteo ƒe aʋakplɔlagã, ame vɔɖivɔ̃ɖi aɖe, si ɖe fu na Yudatɔwo ŋutɔŋutɔ la. 33Esime wonɔ woƒe dziɖuɖuzã ɖum le wo tɔgbuiwo ƒe dua me la, wotɔ dzo Kalistenes kple ame bubu aɖewo. Ame siawoe tɔ dzo agbo kɔkɔeawo eye wosí yi ɖabè ɖe xɔ sue aɖe me. Ale ame siawo kpɔ mawumavɔ̃nu si wowɔ la ƒe teƒeɖoɖo tututu.
34Nikanor si dzi fiƒode etɔ̃ sɔŋ le, ame si kplɔ asitsala akpewo vɛ be woava ƒle Yudatɔwo la, 35wobɔbɔe ɖe anyi to Aƒetɔ la ƒe kpekpeɖeŋu si wòna futɔ siwo womebuna ɖe naneke kura me o la dzi. Eɖe eƒe aʋawu dzeani la ƒu gbe, eye eya ɖeka kolia sí to gbegbe ʋuu va do ɖe Antioxia, abe kluvi sisíla aɖe ene. Nu si wòkpɔ tso eƒe wɔna mee nye be etsrɔ̃ eya ŋutɔ ƒe aʋakɔ la! 36Ale eya ame si ɖoe be yeadi adzɔga na Romatɔwo to Yerusalemtɔwo léle adzra me la, ʋu eme be Taʋlila aɖe le Yudatɔwo si, eya ta womate ŋu asì wo o, elabe woawɔ se siwo wòde na wo la dzi.