رفتن به محتوا

2Makabeowo 14

14
Alkimo ƒo nu tsi tre ɖe Yuda ŋuti
(Mak I, 7.1-21)
1Ƒe etɔ̃ megbe la, gbe va ɖo Yuda kple etɔwo gbɔ be Demetrio, Seleuko vi la tsɔ tɔdziʋu va do ɖe tɔdziʋudzeƒe le Tripolis kple aʋakɔ sesẽ aɖe kpakple tɔdziʋuha aɖe, 2eye woxɔ dukɔa. Ewu Antioxo kple edzikpɔla Lisias.
3Azɔ Alkimo, ame si nye nunɔlagã kpɔ, evɔ la, eya ŋutɔ gblẽ kɔ ɖo na eɖokui le ɣeyiɣi si memama nɔ anyi la, kpɔ dze sii be mɔnu aɖeke megali na ye be yeanɔ dedie, alo yeagate ŋu akpɔ mɔ ate ɖe vɔsamlekpui kɔkɔe la ŋu o. 4Eyi fia Demetrio gbɔ le abe ƒè alafa ɖeka bla atɔ̃ vɔ ɖekɛlia*(Ƒè 151: Ƒè sia sɔ kple ƒè 161 do ŋgɔ na Kristo dzidzi) me ene. Etsɔ sikafiakuku kple deʋaya yi nɛ. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, etsɔ olivetilɔdzewo tso gbedoxɔ la me abe ale si wowɔnɛ le dekɔnu nu la ene. Gbe ma gbe la, enɔ anyi kpoo, meke nu o. 5Gake eva kpɔ mɔnu si de eƒe aɖaʋanuwɔna la dzi esime Demetrio kpee va aɖaŋuɖoha la ƒe takpekpe me, eye wòbia nyae tso Yudatɔwo ƒe nɔnɔme kple susuwo ŋuti. Eɖo eŋu be:
6“Yudatɔwo ƒe hatsotso si woyɔna be Hasiditɔwo, ame siwo kplɔlae nye Yuda Makabeo la, le didim be yeawɔ aʋa, eye wòle dzre dem dukɔ la me. Womedi be fiaɖuƒe la nanɔ anyi le tomefafa me o. 7Esia tae meɖe asi le bubuteƒe si nɔ asinye tso tɔgbuinyewo gbɔ la ŋuti, si nye nunɔlagãnyenye - eye azɔ meva afii. 8Mewɔ esia, elabe gbã la, metsi dzi ɖe nu siwo dze na fia la ŋuti, eye evelia elabe mele nye dukɔmeviwo hã ŋuti bum. Ɖe ame siwo meyɔ va yi la ƒe bometsinuwɔna ta la, míaƒe dukɔ blibo la le dzɔgbevɔ̃e gã aɖe me fifi laa, menye fefe o. 9O fia, esi nènya nu nyuie tso nu siawo ŋuti ta la, nedze ŋuwò be nàbu mía denyigba kple dukɔ si ɖo xaxa gã me la ŋuti kple dɔme kɔkɔ si nèɖena fiaa amewo katã la. 10Elabe zi ale si Yuda gale agbe ko la, dziɖuɖu la mate ŋu ake ɖe ŋutifafa ŋuti o.” 11Esi wògblɔ nya siawo la, fia la Xɔlɔ̃ susɔea siwo tsi tsitre ɖe Yuda ŋu la, dee dɔme na Demetrio ɖe edzi. 12Enumake etia Nikanor, ame si nɔ atiglinyiawo nu la, heɖoe nutomedzikpɔla le Yudea eye wòdo mɔe. 13Eɖe gbe nɛ be wòawu Yuda eye wòakaka eƒe aʋakɔ la, ahatsɔ Alkimo aɖo nunɔlagãe ɖe gbedoxɔ gã la nu. 14Ale wɔ ame siwo menye Yudatɔwo o le Yudea-nyigba katã dzi, ame siwo sí le Yuda nu, va ƒo ƒu ɖe Nikanor ŋu, henɔ bubum be Yudatɔwo ƒe dzɔgbevɔ̃e kple fukpekpewo ava zu yewoƒe dzidzedzekpɔkpɔ.
15 # Mak I, 7.27, 28. Esi Yudatɔwo se be Nikanor gbɔna, eye ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒo ƒu ɖe eŋu la, woʋuʋu ʋuʋudedi ɖe tame, do gbe ɖa na ame si ɖo eya ŋutɔ ƒe dukɔ la anyi tegbee, eye wòxɔna na eƒe domenyinu to eɖokuiɖeɖefia me la. 16Le wo kplɔla ƒe gbeɖeɖe nu la, woho tso afi ma enumake eye wokpe aʋa kple wo le kɔƒe aɖe si woyɔna be Desau la gbɔ. 17Simon, Yuda nɔviŋutsu, kpe aʋa kple Nikanor, gake, le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wogbugbɔ ɖe megbe elabe futɔwo na wotɔtɔ vie.
18Togbɔ be edzɔ alea hã la, Nikanor se nu tso Yuda kple eƒe aʋawɔlawo ƒe kalẽwɔwɔ kple ale si dzi nɔa wo ƒo le aʋagbedzi ɖe woƒe dukɔ la ta la ŋu. Ale wòde megbe be yemakɔ ʋu ɖi atsɔ atso nya la me o. 19Eya ta edɔ Posidonio, Teodoto kple Matatias ɖa be woaɖado ŋugbe eye woaxɔ woawo hã ƒe ŋugbedodo vɛ be yewoawɔ xɔlɔ̃. 20Esi wode ŋugble nyuie tso ŋugbedonyatiawo ŋu tsitotsito, eye kplɔla la na ameawo nya, eye wòdzé be woƒe susu wɔ ɖeka la, wolɔ̃ ɖe nu, si wobla la dzi. 21Kplɔlaawo ɖo ŋkeke si dzi woawo ɖeɖe woado go le la. Tasiaɖam ɖeka do go va tso aʋakɔ ɖe sia ɖe me, woɖo zikpui siwo ŋu bubu le la ɖi. 22Yuda ɖo dzɔla siwo kpla aʋawɔnuwo, henɔ dzadzraɖo me le teƒe siwo dze la be woatsi amedeasinu si futɔwo ate ŋu awɔ kpata la nu. Ale nyamedzodzro la yi edzi nyuie.
23Nikanor tsi Yerusalem eye mewɔ nu tovo aɖeke o, ke ɖeko wòɖe asi le ameha siwo va ƒo ƒu la ŋu. 24Ena Yuda nɔ eŋkume ɣeawo katã ɣi, elabe edea bubu eŋu ŋutɔ. 25Exlɔ̃ nui be wòaɖe srɔ̃, adzi viwo. Ale Yuda ɖe srɔ̃, dze akɔ anyi eye wònɔ agbe abe ame hahoawo ene.
Nikanor trɔ ɖe Yuda ŋu
26Gake esi Alkimo de dzesi nyuidiname si le wo dome la, etsɔ nubabla si wowɔ la eye wòyi Demetrio gbɔ. Egblɔ nɛ be Nikanor mewɔ nuteƒe na dziɖuɖu la o, esime wòɖo Yuda, nugbeɖola ma ɖe fiaɖuƒea ŋu, abe eteƒenɔla ene. 27Fia la ƒe dzi ho eye wòdo dziku to ame vɔ̃ɖi ma ƒe aʋatso siwo wòka la me. Eŋlɔ agbalẽ na Nikanor be nubabla la medze ye ŋu o. Eɖe gbe nɛ be wòaɖo Makabeo ɖe Antioxia abe gamenɔla ene; megatsi megbe o.
28Esi gbedeasi sia va ɖo Nikanor gbɔ la, etɔtɔ eye wòxa nu be ele be yeagbe nu le nya siwo dzi yewoɖo kpee la gbɔ, esime amea meda vo aɖeke o. 29Esi mate ŋu atsi tsitre ɖe fia la ŋu o la, enɔ mɔnu dim be yeawɔ esia to ayemɔ aɖe dzi. 30Gake Makabeo kpɔ be Nikanor megava nɔ mo kɔm ɖe ye o, eye ne yewodo go la, eƒe wɔna ɖe ye ŋu amemabutɔe, to vo tso ale si wòwɔna tsã la gbɔ. Eva kpɔ dze sii be mo makɔɖeameŋu sia metso susu nyui me o. Eya ta wòƒo amewo nu ƒu fũu, eye wòyi ɖaɣla eɖokui ɖe Nikanor. 31#Mak I, 7.29, 30.Esi ame kemɛ la va nya be enya nu wu ye sãa la, eyi ɖe gbedoxɔ gã kɔkɔe la me esime nunɔlawo nɔ vɔsa siwo hiã la wɔm, eye wòbia be woatsɔ ame la ade asi na ye. 32Esi wotà nu gblɔ be yewomenya afi si ame si dim wòle la le o la, 33edo nuɖusi ɖe kɔkɔeƒe la gbɔ eye wòɖe adzɔgbe sia be: “Ne mietsɔ Yuda de asi nam abe gamenɔla ene o la, magbã Mawu ƒe subɔƒe sia aƒu anyi, wòasɔ kple anyigba, akaka vɔsamlekpui la, eye matu gbedoxɔ si nyakpɔ na Dionisio ɖe afi sia.”
34Esi wògblɔ esia la, edo go dzo. Tete nunɔlawo do asiwo ɖe dzi ɖo ɖe dziƒo eye woyɔ míaƒe dukɔ la ƒe Taʋlila tegbee gblɔ be: 35“O nuwo katã ƒe Aƒetɔ, togbɔ be mèhiã naneke o hã la, edze ŋuwò be gbedoxɔ aɖe nanɔ anyi abe wò nɔƒe le mía dome ene. 36Ke azɔ, o kɔkɔetɔ, kɔkɔenyenye ɖe sia ɖe ƒe Aƒetɔ, nà wò aƒe sia si ŋuti wokɔ, eteƒe medidi o la, nanɔ dedie; womegagblẽ kɔ ɖo nɛ o.”
Razis ku ɖe eƒe dukɔ la ta
37Wotso dumegãwo dometɔ ɖeka si woyɔna be Razis tso Yerusalem la, nu na Nikanor be enye ame si lɔ̃ wo detɔwo, eye amewo katã ƒoa nu nyui le eŋu. Ɖe eƒe nyuidiname ta la, woyɔnɛ be Yudatɔwo tɔ́. 38Tsã esi amewo metsakana kple ame siwo menye Yudatɔwo o la, wotso enu be ede Yudatɔnyenye dzi, eye wòtsɔ eƒe ameti la kple agbe ɖo anyi kple ŋuʋaʋã ɖe Yudatɔnyenye ta. 39Esi Nikanor di be yeaɖe ale si wòlé fu Yudatɔwo afia ta la, edɔ asrafo siwo sɔ gbɔ wu alafa atɔ̃ la ɖa be woaɖalée. 40Ewɔ esia elabe ebu be ne yelée la, yeawɔ nu vevi Yudatɔwo. 41Asrafoawo yi gbetakpɔxɔ la xɔ ge, eye wodze agbagba be yewoatsɔ sesẽ aʋu akpata la ƒe ʋɔtru lae. Eglo wo, eye wona be woaɖe dzo vɛ, ne yewoatɔ dzo ʋɔtruawo. Esi ameawo ɖe to ɖee la, edze eya ŋutɔ ƒe yi nu, 42elɔ̃ be yeaku kple bubu wu be yeage ɖe nuvɔ̃wɔlawo si me, eye woaɖi gbɔ ye; nu si medze na eya ame si wodzi bubumee la o. 43Ke yi la meƒo ɖee nyuie o, ɖe ale si wònɔ ʋiʋlim ŋusẽtɔe la ta. Ameha la nɔ gegem ɖe eme to ʋɔtruawo nu. Eƒu du kalẽtɔe ɖo ta glia gbɔ, eye wòxlã eɖokui ɖi le ameha la dome. 44Gake ameawo te yi megbe kaba, mɔ ʋu ɖi, eye wòmu dze anyi le wo titina ɖe teƒe si tsi anyi la. 45Ke Razis gale agbe ko eye dzi nɔ ekum vevie. Etsi tsitre, togbɔ be ʋu nɔ dodom le eŋu bababa, eye eƒe abiawo lolo hã la, eƒu du to ameha la dome va tsi tsitre ɖe kpe treazã aɖe dzi. 46Ʋu vɔ le lã me nɛ keŋkeŋ azɔ. Ehe eƒe dɔmenuwo do goe, lɔ wo ɖe eƒe asiwo me heda wo ɖo ɖe ameha la, eyɔ agbe kple gbɔgbɔ ƒe Aƒetɔ la be wòagagbugbɔ wo ana ye gbe ɖeka. Aleae wòkui nye esi.