رفتن به محتوا

Fiawo II 22

22
Yuda-fia Yosiya
(Kron II, 34.1-2)
1 # Yer 3.6. Yosiya xɔ ƒè enyi esi wòdze fiaɖuɖu gɔme. Eɖu fia ƒe bla etɔ̃ vɔ ɖekɛ le Yerusalem. Nɔa ŋkɔe nye Yesida, Adaya vinyɔnu tso Bozkat. 2Ewɔ nu si nyo le Aƒetɔ ŋkume, eye wòzɔ tɔgbuia David ƒe mɔwo katã dzi pɛpɛpɛ. Medze ɖe ɖusi alo miame o.
Wofɔ segbalẽ la
(Kron II, 34.8-28)
3Le fia Yosiya ƒe ƒè wui enyilia me la, edɔ agbalẽŋlɔla Safan, Azalya vi ame si nye Mesulam vi ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la me be: 4“Yi nunɔlagã Xilkiya gbɔ ne wòaxlẽ ga siwo katã kpuinudzɔlawo dzɔ le dukɔ la si, si wotsɔ va Aƒetɔ ƒeme la. 5Na woatsɔe de asi na dɔnunɔla siwo le Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe dɔwo dzi kpɔm la, eye woawo natsɔe na dɔwɔla siwo le Aƒetɔ ƒe aƒe la dzram ɖo la. 6Woawoe nye atikpalawo, xɔtulawo kple gliɖolawo, be woaƒle atiwo kple kpe gbagbãwo, adzra Aƒetɔ ƒe aƒe la ɖoe. 7#Fia II, 12.15.Ke womabia akɔnta aɖeke tso wo si tso ga si wotsɔ de wo si la ŋu o, elabe wotoa nyateƒe le woƒe dɔwɔwɔ me.”
8Nunɔlagã Xilkiya gblɔ na agbalẽŋlɔla Safan be: “Mefɔ segbalẽ aɖe le Aƒetɔ ƒeme.” Esi Xilkiya tsɔ agbalẽ la na Safan la, exlẽe. 9Agbalẽŋlɔla, Safan va fia la gbɔ xɔ gbe vɛ na fia la be: “Wò dɔlawo trɔ ga si wokpɔ le aƒe la me, eye wotsɔe de asi na dɔnunɔla siwo le Aƒetɔ ƒe aƒe la dzi kpɔm.” 10Tete agbalẽŋlɔla Safan gblɔ na fia la be: “Nunɔla Xilkiya tsɔ agbalẽ aɖe nam.” Safan xlẽe na fia la.
11Esime fia la se segbalẽa me nyawo la, edze eƒe awuwo. 12Fia la ɖe gbe na nunɔla Xilkiya, Safan vi Axikam, Mixaya vi Axbor, agbalẽŋlɔla Safan, kple fia ƒe subɔla Asaya be: 13“Miyi ɖabia gbe Aƒetɔ na nye kple dukɔ la kpakple Yuda katã ku ɖe agbalẽ si wofɔ la ƒe nyawo ŋuti. Elabe Aƒetɔ do dɔmedzoe gã ŋutɔ ɖe mía ŋu, elabe mía tɔgbuiwo meɖo to agbalẽ sia ƒe nyawo ne woawɔ ɖe nu siwo woŋlɔ ɖe eme, woka mi la dzi o.”
14Ale nunɔla Xilkiya, Axikam, Axbor, Safan kple Asaya woyi nyɔnugbeƒãɖela Hulda Salum, Xarxas vi si nye awudzikpɔla srɔ̃ gbɔ. Azɔ enɔ Yerusalem ƒe to evelia. Woƒo nu kplii. 15Egblɔ na wo be: “Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: ‘Migblɔ na ŋutsu si dɔ mi ɖe gbɔnye la be: 16Aƒetɔ be, Kpɔ da, mele dzɔgbevɔ̃e he ge ava teƒe sia kple emenɔlawo dzi ɖe agbalẽ sia me nya, siwo katã Yuda-fia xlẽ la nu. 17Elabe wogbe nu le gbɔnye, eye wotɔ dzo lifi na mawu tutɔwo, be woatsɔ do dziku nam kple woƒe asinudɔwɔwɔwo katã. Eya ta nye dɔmedzoe abi ɖe teƒe sia ŋu, eye womatsii o. 18Ke le Yuda-fia si dɔ mi be miaɖabia gbe Aƒetɔ gome la, migblɔ nɛ be, Aƒetɔ Israel ƒe Mawu la be: Ku ɖe nya siwo nèxlẽ ŋu la, 19esi nètrɔ dzime, eye nèbɔbɔ ɖokuiwò le Aƒetɔ ŋkume, esi nèse ale si megblɔ ɖe teƒe sia kple emenɔlawo ŋuti, be woazu aƒedo kple fiƒode, eye nèdze wò awuwo hefa avi le ŋkunye me ta la, nye hã mese wò nya, Aƒetɔ lae gblɔe. 20Eya ta, kpɔ ɖa, mana nàyi tɔgbuiawòwo gbɔ, eye woaɖi wò ɖe wò yɔdo me le ŋutifafa me, eye wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e siwo katã hege mala ava teƒe sia dzi la o.” Wova bɔ amaniɛa na fia la.