Kronika II 32
32
Asiria-fia ho aʋa ɖe Yuda ŋu do kpoe
(Fia II, 18.13-37; 19.4-19, 35-37; Yes 36.1-22; 37.8-38)
1Le nyadzɔdzɔ siawo kple nuteƒewɔwɔ siawo megbe la, Asiria-fia Sanxerib ho ɖe Yuda ŋu, va ƒu asaɖa anyi ɖe eƒe du sesẽwo ŋu, di be yeagbã wo axɔ wo. 2Esi Xizkiya kpɔ be Sanxerib va, eye wòɖo be yeawɔ aʋa kple Yerusalem la, 3eya kple eƒe dumegãwo kpakple aʋawɔlawo de adaŋu be yewoaxe tsivudo siwo le dua godo eye wokpe ɖe eŋu. 4Woƒo ameha gã aɖe nu ƒu eye woxe vudowo katã kple tɔʋu si sí va to anyigba la dzi la. Wogblɔ be: “Nu ka ta tsi abɔ ɖi Asiria-fiawo nava kpɔ?” 5Fia la dzra ɖo ɖe wo ŋu. Eɖɔ glia ƒe gbagbãƒewo katã ɖo, tu gbetakpɔxɔwo ɖe wo dzi, eye wòɖo gli bubu ɖe xoxotɔ godo. Eɖo gli ɖe David ƒe du la ƒe Milo la ŋu, eye wòna wowɔ aʋawɔnuwo kple akpoxɔnuwo fũu. 6Eɖo aʋakplɔlawo ɖe aʋakɔawo nu, eye wòyɔ wo va egbɔ ɖe gbadzaƒe si le dugbo la nu. Eƒo nu de dzi ƒo na wo be: 7“Misẽ ŋu eye milé dzi ɖe ƒo. Migavɔ̃ o. Asiria-fia kple ame gbogbo siwo katã le eŋu la megadzi ŋɔ na mi o, elabe ame si le mía dzi la, sesẽ wu ame si le edzi. 8Eya la, amegbetɔ ƒe ŋusẽ ŋu wòle dzi ɖom ɖo, ke míawo la, Aƒetɔ, mía Mawu la li kpli mí, akpe ɖe mía ŋu axɔ míaƒe aʋawo awɔ na mí.” Yuda-fia Xizkiya ƒe nya siawo de dzi ƒo na dukɔ la ŋutɔ.
9Le nu siawo megbe, esime Asiria-fia Sanxerib kple eƒe aʋakɔ la katã gale Laxis kasa la, edɔ ame ɖe Yuda-fia Xizkiya kple Yudatɔ siwo katã le egbɔ le Yerusalem la be: 10“Ale nye Sanxerib, Asiria-fia, mele gbɔgblɔm nye esi: ‘Nu ka ŋu miele dzi ɖom ɖo gabɔbɔ nɔ Yerusalem si meɖe to ɖo la? 11Xizkiya le mia blem be, Aƒetɔ, mia Mawu la, aɖe mi tso nye Asiria-fia si me. Ðeko dɔ kple tsikɔ awu mi miaku. 12Menye Xizkiya sia kee ɖe Aƒetɔ ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo ɖa eye wògblɔ na Yuda kple Yerusalem be: ‘Vɔsamlekpui ɖeka sia ko ŋgɔ miasubɔ le, eye eya ɖeka ko dzi miatɔ dzo lifi le oa? 13Nu si nye kple tɔgbuinyewo míetu kple dukɔ bubuwo la, ɖe miesee oa? Ðe dukɔ mawo ƒe mawuwo te ŋu xɔ na wo tso asinye mea? 14Dukɔ siwo tɔgbuinyewo tsrɔ̃ la ƒe mawuwo dometɔ kae te ŋu ɖee tso asinye me, hafi miawo ya miaƒe mawu ate ŋu ɖe mi tso asinye me? 15Eya ta migana Xizkiya nable mi alo akplɔ mi trae o. Migaxɔ edzi se o. Dukɔ alo fiaɖuƒe aɖeke ƒe mawu aɖeke mete ŋu ɖe eƒe dukɔ tso nye kple tɔgbuinyewo si me kpɔ o. Miaƒe mawu la mate ŋu aɖe mi tso asinye me koŋ o.’ ” 16Asiria-fia ƒe dɔlawo hã gblɔ nya geɖe ɖe Aƒetɔ, Mawu kple eƒe dɔla Xizkiya ŋu. 17Asiria-fia ŋlɔ agbalẽ hã ɖe alɔ me le Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la ŋu gblɔ ɖe eŋu be: “Ale si dukɔ aɖeke ƒe mawu mete ŋu ɖee tso asinye me kpɔ o la, nenema ke Xizkiya ƒe mawu hã mate ŋu aɖe eƒe dukɔ tso asinye mee o.” 18Wodo ɣli sesĩe le Yuda-gbe me be yewoatsɔ de vɔvɔ̃ lã me na ame siwo le glia dzi le Yerusalem aɖe dzi le wo ƒo, ale be woate ŋu axɔ du la. 19Woƒo nu ɖe Yerusalem ƒe Mawu la ŋu abe ɖe wòle abe dukɔ bubuwo ƒe mawu, siwo amegbetɔ wɔ kple asi ko la ene.
20Ke fia Xizkiya kple Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya, Amoz vi, do gbe ɖa na Mawu le nya sia ta, eye wodo ɣli ɖo ɖe dziƒo. 21Tete Aƒetɔ dɔ dɔla aɖe ɖa wòva wu asrafoawo kple aʋakplɔlaawo keŋ le Asiria ƒe asaɖa la me. Ale Asiria-fia tsɔ ŋukpe gbugbɔ yi eƒe anyigba dzi. Esi wòge ɖe eƒe mawu ƒe aƒeme la, eya ŋutɔ ƒe alimevi aɖewo va dzae wu kple yi ɖe afi ma. 22Ale Aƒetɔ xɔ na fia Xizkiya kple Yerusalemnɔlawo tso Asiria-fia Sanxerib kple futɔ bubuwo katã si me. Ena wonɔ kple dukɔ siwo katã ƒo xlã wo godoo va kpe le ŋutifafa me#32.22: Gɔmeɖeɖe xoxo aɖewo be: Ena wonɔ…ŋutifafa me. Hebri Biblia be: Ekplɔ dukɔ la.. 23Ame geɖewo he nunanawo vɛ na Aƒetɔ le Yerusalem. Wotsɔ nunana xɔasiwo vɛ na Yuda-fia Xizkiya hã, ale be tso esia dzi la, eŋkɔ de du le dukɔwo katã dome.
Xizkiya ƒe dɔléle kple eƒe dàda
(Fia II, 20.1-3, 12-19; Yes 38.1-3; 39.1-8)
24Le ŋkeke mawo me la, Xizkiya lé dɔ eye wòku kloe. Edo gbe ɖa na Aƒetɔ eye Aƒetɔ ɖo eŋu nɛ kple dzesi aɖe. 25Ke Xizkiya de asi dàda me, eye meɖe eƒe akpedada fia Aƒetɔ le nyui si wòwɔ nɛ la ta o, eya ta Aƒetɔ do dziku ɖe eya kple Yuda-dukɔa kpakple Yerusalem ŋu. 26Tete Xizkiya kple Yerusalemnɔlawo bɔbɔ wo ɖokui, eye Aƒetɔ ƒe dzi fa ale be megahe to na wo le Xizkiya ƒe agbenɔɣi o.
Xizkiya ƒe kesinɔnuwo kple atsyɔ̃
27Kesinɔnu kple bubu geɖe ŋutɔ su Xizkiya si. Etu nudzraɖoƒe geɖe siwo me klosalo, sika, kpe xɔasiwo, atike ʋeʋẽewo, akpoxɔnuwo kple nu xɔasi ƒomevi vovovowo nɔ. 28Etu nudzraɖoƒewo na bli, wain kple ami hã. Etu lãxɔ na nyihawo, eye wotɔ kpɔ na alẽhawo. 29Etso duwo na eɖokui, eye alẽha kple nyiha gãwo nɔ esi elabe Mawu na kesinɔnu geɖe ŋutɔe. 30Xizkiya siae xe Gixon-tɔʋu la le dzigbe, eye wòna tsia tsa va xa ɖe David ƒe du la ƒe ɣetoɖoƒe gome. Nu sia nu si Xizkiya wɔ la dze edzi nɛ. 31Ðeko esi amedɔdɔwo tso Babilon va be yewoabia nu tso nukunu si dzɔ le anyigba la dzi ta se la, ɣe ma ɣi ko Mawu ɖe asi le eŋu, na wòwɔ eya ŋutɔ ƒe susu ŋudɔ be yeatsɔ doe kpɔ, ne yeanya nu si le eƒe dzime.
Xizkiya ƒe nuwuwu
(Fia II, 20.20-21)
32Xizkiya ƒe ŋutinya mamlɛa kple eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo la, woŋlɔ wo ɖe gbeƒãɖela Yesaya, Amoz vi, ƒe Ŋutegagbalẽ kple Yuda kple Israel-fiawo Ŋutinyagbalẽ me. 33Xizkiya ku, eye woɖii ɖe kɔkɔƒe le David ƒe dzidzimeviwo ƒe ɖiƒe. Yuda blibo la kple Yerusalemnɔlawo katã de bubu eŋu le eƒe ku me. Via Manase zu fia ɖe eteƒe.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.