Kronika II 30
30
Dzadzraɖo ɖe Paska ɖuɖu ŋu
1 #
Mos IV, 9.9-11. Xizkiya ɖo du ɖe Israel blibo la kple Yuda, eye wòŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Efrayim kple Manase be woava Aƒetɔ ƒe aƒe la me le Yerusalem, ne woaɖu Paska la na Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la. 2Fia la kple eƒe amegãwo kpakple ameha blibo la ɖo be yeawoaɖu Paska la le ɣleti evelia me. 3Womete ŋu ɖui do ŋgɔ o, elabe nunɔlawo katã mekɔ wo ɖokui ŋu nyuie ɣe ma ɣi o, eye dukɔ la mekpe ta ɖe Yerusalem o. 4Ðoɖo la dze fia la kple ameha blibo la ŋu. 5Ale woɖo kpe edzi be woaɖe gbeƒã na Israelviwo katã tso Beer-Seba va se ɖe Dan bene woava ɖu Paska na Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la le Yerusalem, elabe eteƒe didi womegaɖui kpɔ abe ale si woŋlɔe ɖi ene o. 6Dɔtsɔlawo xɔ agbalẽawo tso fia la kple eƒe dumegãwo gbɔ, eye woɖatsa le Israel bliboa kple Yuda abe ale si fia ɖe gbe na woe ene be: “Israel ƒe dzidzimeviwo, mitrɔ ɖe Aƒetɔ, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu la ŋu, ne wòatrɔ ɖe miaƒe ame mamlɛa, siwo sí tso Asiria-fia si me va la ŋu. 7Miganɔ abe mia tɔgbuiwo kple mia nɔviwo, ame siwo da vo ɖe Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ŋu ene o, elabe esia tae, Aƒetɔ tsɔ wo wɔ gbegbee abe ale si miawo ŋutɔ miele ekpɔm lae ene. 8Miawo ya migalia kɔ abe mia tɔgbuiwo ene o; ke boŋ miɖe asi le mia ɖokui ŋu na Aƒetɔ ne miava eƒe kɔkɔeƒe si ŋu wòkɔ tegbee la. Miva subɔ Aƒetɔ, mia Mawu la, eye eƒe dziku helihelĩ ɖe mia ŋu nu afa. 9Elabe ne mietrɔ ɖe Aƒetɔ ŋu la, mia nɔviwo kple mia viwo ƒe nu awɔ nublanui na ame siwo ɖe aboyo wo la, ale be woatrɔ gbɔ va anyigba sia dzi gɔ̃. Elabe amenuvela kple nublanuikpɔla nye Aƒetɔ, mia Mawu la. Ne mietrɔ ɖe eŋu la, maɖe kɔ ɖa le mia ŋu o.
10Dutsɔlaawo tsa tso du me yi du me. Wozɔ to Efrayim kple Manase nutowo me va se ɖe keke Zebulon ke; ke ɖeko amewo ko wo heɖe alɔ me le wo ŋu. 11Ke ame aɖewo bɔbɔ wo ɖokui le Aser, Manase kple Zebulon toawo me, eye wova Yerusalem. 12Le Yuda hã la, Mawu trɔ amewo ƒe dzi be wowɔ ɖeka hewɔ Aƒetɔ ƒe nya si fia la kple amegãwo gblɔ na wo la dzi.
Paska la ɖuɖu
13Le ɣleti evelia le ƒè la me la, ameha gã aɖe va kpe ta ɖe Yerusalem be woaɖu Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui la. Vavalawo sɔ gbɔ ŋutɔ. 14Wolɔ vɔsamlekpui siwo katã le Yerusalem, esiwo dzi womea nu le kple esiwo dzi wotɔa dzo lifi le la siaa, ɖaƒu gbe ɖe Kidron-tɔʋu la me. 15Wowu ŋutitotolãawo le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wui enelia dzi. Ŋukpe lé nunɔlawo kple Levi viwo, eye wokɔ wo ɖokui ŋu va sa numemevɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la me. 16Wotsi tsitre ɖe wo nɔƒewo le Aƒetɔ ƒe aƒe la me le ɖoɖo si Mose, Mawu ƒe ame wɔ na wo la nu. Levi viwo lé lãʋu la ɖe asi, eye nunɔlaawo hlẽe. 17Ame geɖe ŋutɔ le ameha la me siwo mekɔ wo ɖokui ŋu o, eya ta Levi viwo wu Paskalẽviawo na ame siwo ŋu mekɔ o, ne woakɔ wo ŋu na Aƒetɔ. 18Hekpe ɖe esia ŋu la, ame akpa gãtɔ si tso Efrayim, Manase, Isaxar kple Zebulon towo me va la hã mekɔ wo ɖokui ŋu o, ke woɖu Ŋutitotonuɖuɖu la hetsi tre ɖe ale si woŋlɔe ɖi la ŋu. Eya ta fia Xizkiya do gbe ɖa ɖe wo ta be: “Aƒetɔ, dɔmenyotɔ, mía tɔgbuiwo 19ƒe Mawu, tsɔ ke ame siwo katã le subɔwòm le afii tso dzi blibo me, evɔ womekɔ wo ɖokui ŋuti, abe ale si wòle be woawɔ ne kɔkɔeƒe sia nanɔ dzadzɛ ene o hã.” 20Tete Aƒetɔ se Xizkiya ƒe gbedodoɖa, eye mewɔ vɔ̃ aɖeke wo o. 21Ale Israelvi siwo va Yerusalem la ɖu Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui la ŋkeke adrẽ kple dzidzɔ gã ŋutɔ, eye Levi viwo kple nunɔlawo tsɔ hadzinuwo kafu Aƒetɔ sesĩe ŋkekeawo katã. 22Xizkiya ƒo nu de dzi ƒo na Levi vi siwo katã nya ale si woasubɔ Aƒetɔ lae la. Ale dukɔ la ɖu ŋkekenyui nuɖuɖu la ŋkeke adrẽ eye wosa ŋutifafavɔ, bia dedienɔnɔ, eye woda akpe na Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la.
Wogaɖu ŋkekenyui la ake
23Tete ameha blibo la ɖoe be yewoagaɖui ŋkeke adrẽ bubu. Ale wogaɖui kple dzidzɔ ŋkeke adrẽ sɔŋ. 24Yuda-fia Xizkiya na nyitsu akpe ɖeka kple alẽ akpe adrẽ ameha la. Amegãwo hã na nyitsu akpe ɖeka kple alẽ akpe ewo. Nunɔla geɖe ŋutɔ hã kɔ wo ɖokui ŋu. 25Tete Yuda ƒe ameha blibo la: nunɔlawo kple Levi viwo, ameha si tso Israel va la katã, amedzro siwo tso Israel kple esiwo nɔ Yuda-nyigba dzi la katã kpɔ dzidzɔ geɖe. 26Dzidzɔ gã ŋutɔ xɔ Yerusalem-dua me kpe ɖo, elabe tso Israel-fia Salomo, David vi la ŋɔli va se ɖe ɣe ma ɣi me kpaa, nu sia tɔgbe megadzɔ le Yerusalem kpɔ o. 27Nunɔlawo kple Levi viwo tsi tsitre, eye wobia Aƒetɔ ƒe yayra na dukɔ la. Woƒe gbedodoɖa de Mawu ƒe nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo, eye wòse woƒe gbe.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.